Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 7:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 eye ne wotso asi me gbɔ la, ne womele tsi o la, womeɖua nu o, eye nu bubu geɖewo li, siwo ŋuti woléa ŋku ɖo le tsikpluwo kple zewo kple ganuwo kɔklɔ la me. —

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

4 Ne wotso asi me gbɔ la, ele be woawɔ kɔnu sia godoo hafi ade asi nuɖuɖu ŋu. Esia nye se siwo dzi wowɔna pɛpɛpɛ ƒe alafa nanewo la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Kɔnu bubu si me wogalé ɖe asi lae nye nuɖazewo, ganuwo kple gagbawo kɔklɔ.)

Gade chapit la Kopi




Marko 7:4
15 Referans Kwoze  

nusiawo katã hekpe ɖe nuɖuɖuwo kple nunonowo kpakple tsilele bubu ƒomeviwo ŋuti la wonye ŋutilã me nuɖoanyiwo ɖeɖeko, siwo woɖo ɖi vaseɖe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi.


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena mieklɔa kplu kple agba ŋuti, ke wo me yɔ fũ kple adzodada kple aɖifuɖiɖuɖu.


Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo!


Woɖi kpezɔ ade ɖe afima le Yudatɔwo ƒe ŋutikɔklɔ ƒe kɔa nu; ɖesiaɖe xɔa tɔmedeze eve alo etɔ̃.


Yerusalem, klɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ ɖa le wò dzi ŋu, ne woaxɔ na wò. Ɣekaɣi tamesusu vɔ̃ɖiwo nanɔ wò dzi me ase ɖo?


Mile tsi, miklɔ mia ɖokui ŋu! Miɖe miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo ɖa le ŋkunye me, eye midzudzɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ!


ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.


Eye esi Pilato kpo bena, wɔwɔa ɖeke megali o, ke zi tɔ hoo boŋ la, etsɔ tsi klɔ asi le ameha la ƒe ŋku me gblɔ bena: Nye la, ʋu sia mele asinye me o; mia ŋutɔwo mikpɔ edzi!


Meklɔ nye asi fɔmaɖitɔe, eye maƒo xlã wò vɔsamlekpui, Yehowa,


Azɔ nyahehe ɖo Yohanes ƒe nusiawo kple Yudatɔwo dome le ŋutikɔklɔ ŋuti.


Eye metsɔ weingo, si yɔ taŋ, kple kpluwo ɖo Rexab viwo ƒe aƒe la kɔme gblɔ na wo bena: Mino wein!


Wò farisitɔ, ŋkuagbãtɔ, klɔ kplu me gbãgbiagbã, bena eŋuti hã naɖi.


Miegblẽ Mawu ƒe se la ɖi, eye mielé amewo ƒe kɔnyinyi me ɖe asi le zewo kple kplu wo kɔklɔ me; eye nu bubu geɖe, siwo le abe esiawo ene la, miewɔna.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite