Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 7:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eye wòdzo le afima heyi ɖe Tiro-nutoawo me. Eye wòyi ɖe aƒea ɖe me, eye melɔ̃ be, amea ɖeke nanyae o, ke mete ŋu ɣla eɖokui o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

24 Yesu dzo le Galilea heyi Tiro kple Sidon nutowo me. Edze agbagba be yeaɣla ye ɖokui ɖe aƒe aɖe me, gake mete ŋui o. Mekpɔ ɖo hafi eƒe vava ɖi hoo abe ale si wònɔna ɖaa ene o.

Gade chapit la Kopi




Marko 7:24
19 Referans Kwoze  

Vɔ̃ ana wò, Korazin! Vɔ̃ ana wò, Betsaida! Elabena ŋusẽdɔwɔwɔ, siwo wowɔ le mewo la, ɖe wowɔ wo le Tiro kple Zidon la, ne wòtrɔ le woƒe dzi me le blema le akpanya kple afi me.


Amevi, gblɔna Tiro-amegã be: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi wò dzi le dadam, eye nele gbɔgblɔm be, Mawu yenye, eye Mawu ƒe nɔƒe yele le atsiaƒu titina, eye nèwɔ wò dzi abe Mawu to ene, evɔ wònye amegbetɔ nènye, eye menye Mawu o la, —


Nenema ke dɔwɔwɔ nyuiwo hã li, siwo dze ƒã, eye esiwo to vovo la, womate ŋu aɣla wo o.


Eye esi wòyi ɖe aƒea me la, ŋkuagbãtɔwo va egbɔ, eye Yesu gblɔ na wo bena: Miexɔe se bena, mate ŋu awɔ esia mahã? Eye wogblɔ nɛ bena: Ẽ, Aƒetɔ.


Eye Kanaan dzi Zidon, eƒe ŋgɔgbevi, kple Xet,


Eye esi wògayi ɖe Kapernaum le ŋkekea ɖewo megbe la, wose bena, ele aƒea me.


Mado ɣli alo aɖo boboe o, eye mana woase eƒe gbe le kpɔdome o.


eye wògblɔ bena: Màgatso aseye o, wò Zidon-ɖetugbi, si wogblẽ; tso, nayi Kititɔwo gbɔ, màkpɔ gbɔdzɔe le gama hã o.


Zebulon anɔ ƒutanyigbawo dzi le ʋudzeƒewo, eye eƒe liƒo ade Zidon ke.


Eye Kanaan ƒe anyigba keke tso Zidon ɖo ta Gerar kple Gaza, ɖo ta Sodom, Gomora, Adma kple Zeboyim vaseɖe Lasa.


nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tsoa eme ke, eye woƒoa ɖi ame.


Elabena nyɔnua ɖe, si gbɔgbɔ makɔmakɔ le vianyɔnuvi me la, se eŋkɔ, eye wòva dze klo ɖe eƒe afɔ nu.


Esi wògado go tso Tiro-nutoawo me la, etso Sidon heto Galilea-ƒu la nu heva Dekapoli-nutoawo me ke.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite