Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 7:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 ahasiwɔwɔwo, ŋubiabiãwo, nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo, beble, ahiãdzedze, ŋku vɔ̃ɖi, busubɔbɔ, dàda, movidzɔdzɔ;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 ŋubiabiã, ŋutasesẽ, amebeble, makɔmakɔnyenye, ŋuʋaʋã, ameŋugbegblẽ, dada kple movinuwɔna bubuwo.

Gade chapit la Kopi




Marko 7:22
26 Referans Kwoze  

Alo ɖe ma mele asinye bena, mawɔ nusi nye tɔnye la ŋuti do, alesi melɔ̃ o mahã? Alo nye ɖɔmenyonyo ŋutie nèle ŋku biam ɖe ŋutinye ɖo mahã?


Nenema ke, mi ɖekakpuiwo, mibɔbɔ mia ɖokui ɖe ame tsitsiwo te; ke mi katã mibɔbɔ mia ɖokui ɖe mia nɔewo te, eye mitso ɖokuibɔbɔɖeanyi hetsyɔ; elabena Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti, ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.


Elabena nenemae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, bena miatsɔ nu nyui wɔwɔ atsi abunetɔwo ƒe numanyamanya la nu,


esi míegbaa tamebubuwo kple nu kɔkɔ sia nu kɔkɔ, si kɔa eɖokui ɖe dzi ɖe sidzedze Mawu ŋuti la, eye mieɖea nyasãwo katã aboyo hena toɖoɖo Kristo;


Ke ne ŋku vɔ̃ li na wò la, wò ame blibo la katã me lado viviti. Azɔ ne kekeli, si le mewo la, zu viviti la, aleke viviti ŋutɔ lahasɔ gbɔe!


Eye metrɔ hetsɔ tame ɖo anyi, be madze si nunya kple tamebubu, madzro eme, eye madii, ne manyae be, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ la bometsitsi wònye, eye lãnyenye la aɖaʋadzedze wònye.


Ŋubiala le yɔyɔm ɖe kesinɔnu ŋu; ke menyae be, hiã le ye dzi va ge o.


Ne èɖe bometsila kple bli to me hetsɔ tati toe la, eƒe bometsitsi mado le eŋu akpɔ o ɖe!


Bometsila ƒe tameɖoɖo enye nuvɔ̃, eye fewuɖula enye ŋunyɔ na amegbetɔwo.


Megaɖu damevevetɔ ƒe abolo o, eye eƒe nuduɖu vivi megadzro wò o!


Ne bometsitsi bla ɖe ŋutsuvi ƒe dzi ŋu la, ameƒoti afee ɖa le afima.


Nunyala mekɔa nu le eƒe sidzedze dzi o; ke bometsila ƒe dzi doa boblo eƒe bometsitsi.


Ame vɔ̃ɖi buna le eƒe dada me be: Mabia eta ase o, Mawua ɖeke meli o. Eƒe tamesusu katã nye esi.


Negbe esi wodɔ Babel-amegãwo ƒe ame dɔdɔwo do ɖee, be woabia nukunu, siwo dzɔ le anyigba la dzi ta se la, ko Mawu gblẽe ɖi, be yeadoe akpɔ, ne yeanya nusiwo katã le eƒe dzi me.


Mia dome nyɔnu, si wɔa nu ɖe fewu me, eye wòɖua ve me vivi, ewɔa atsyɔnu kple fewunu, eye mete kpɔ ɖo eƒe afɔƒome anyigba kpɔ o la, abia ŋku ɖe srɔ̃a, si le egbɔ, viaŋutsu kple vianyɔnu ŋu,


Mia dome ŋutsu, si wɔa nu ɖe fewu me, eye wòɖua ve me vivi la, abia ŋku ɖe nɔviaŋutsu kple srɔ̃a, si le egbɔ, kpakple via mamlea, siwo kpɔtɔ ɖi la ŋu,


Kpɔ nyuie, bena tamesusu dzodzroa ɖeke magava wò dzime, eye nagblɔ bena: ƒe adrelia tu aƒe, eye wole fe tsa ge ake, eye natre ŋku ɖe noviwò dahe la agbe nunanae o; ne wòagayɔ Yehowa ɖe dziwò, eye wòatro zu nuvɔ̃ na wò o;


Bi nye dzi de wò ɖaseɖiɖiwo ŋu, eye menye de ŋubiabia ŋu o.


Woƒe afɔwo le du dzi ɖe vɔ̃ɖiwɔwɔ ŋu, eye wole abla ɖem, be wòakɔ ʋu maɖifɔ ɖi. Woƒe susuwo nye susu vɔ̃ɖiwo, gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ le wo toƒewo.


Míeda vo, eye miegbe Yehowa, miede megbe tso mia Mawu la gbɔ, eye míeƒo ŋutasesẽ kple godzedze ƒe nu, míefa alakpanya ƒe tu, eye míedzii tso dzi me.


Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma?


Elabena tso ame ƒe dzi me ke nu vɔ̃ɖi susuwo doa go tsona, matrewɔwɔwo, fififiwo, amewuwuwo,


nu vɔ̃ɖi siawo katã doa go tsoa eme ke, eye woƒoa ɖi ame.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite