Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 6:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye eƒe mo wɔ yaa le woƒe dzimaxɔse la ŋuti. Eye wotsa le kɔƒe, siwo ƒo xlã afima la me hele nu fiãm.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

6 Ewɔ nuku na Yesu ŋutɔ be wo detɔwo mexɔ edzi se o, ale wòdzo ɖatsa le kɔƒewo me nɔ nu fiam amewo.

Gade chapit la Kopi




Marko 6:6
12 Referans Kwoze  

Eye Yesu yi ɖato duawo kple kɔƒeawo katã me, hele nu fiãm le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle fiaɖuƒe la ŋutinya nyui la gblɔm hele dɔlélewo kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.


Ke esi Yesu see la, eƒe mo wo yaa, eye wògblɔ na amesiwo le eyome la bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Le Israel me hã la nyemekpɔ nenem dzixɔse sia tɔgbe kpɔ o.


Eye wòyi ɖato duwo kple kɔƒewo me hele nu fiãm, eye wòle mɔ zɔm yina Yerusalem.


Yesu, Nazaretetɔ la, alesi Mawu tsa Gbɔgbɔ kɔkɔe la kple ŋusẽ hesi nɛ, amesi tsa hele nu nyui wɔm, eye wòda gbe le amesiwo katã dzi Abosam ɖu la ŋu, elabena Mawu li kplii.


Eye wòkpɔ be, amea ɖeke meli o, eye wòwɔ mo yaa nɛ be, avulélaa ɖeke meli o. Tete wotso eƒe alo xɔ na eɖokui, eye eƒe dzɔdzɔenyenye kpe ɖe eŋu.


Ame la xɔ dzi gblɔ na wo bena: Esia mee wòwɔ nuku le bena, mienya afisi wòtso o, eye wòʋu nye ŋkuwo.


Eye Yesu yi ɖatsa le Galilea katã, le nu fiãm amewo le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle gbe ƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyuie, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.


Ɖe dukɔa ɖe ɖɔ ti eƒe mawuwoa? Evɔ wònye menye Mawu wonye o hafi. Ke nye dukɔ ya tsɔ eƒe ŋutikɔkɔe ɖɔ li nusi mele ɖeke me o lae.


Eye wòle nya gblɔm le Galilea ƒuƒoƒeawo.


Eye wòɖi va Kapernaum, si nye Galilea-du la me. Eye wòle nu fiam wo le Sabat-ŋkeke dzi;


Eye wòyi ɖe woƒe ƒuƒoƒeawo me le Galilea katã hele gbe ƒã ɖem, eye wòle gbɔgbɔ vɔ̃wo nyãm le go domii.


Eye esi wòdzo le afima la, eva Yudea-nutoawo me kple Yordan godo, eye amehawo gava ƒo ƒu ɖe egbɔ, eye abe alesi wònɔa wɔwɔm ene la, egafia nuwo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite