Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 6:45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Eye enumake wòƒoe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo nu be, woaɖo ʋu, ne wòadze ye ŋgɔ ayi go keme dzi ɖe Betsaida, vaseɖe esime ye ŋutɔ yeaɖe asi le ameha la ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

45 Le nuɖuɖu la nana ameawo vɔ megbe teti ko la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woage ɖe ʋu la me, akui atso ƒu la ayi Betsaida afi si yeava tu wo le emegbe. Ebe ye ŋutɔ yeado megbe ado mɔ ameha la woayi aƒe me.

Gade chapit la Kopi




Marko 6:45
6 Referans Kwoze  

Eye wòva Betsaida. Eye wokplɔ ŋkuagbãtɔa ɖe va egbɔ, eye woɖe kuku nɛ bena, wòaɖe asi eŋu.


Eye woɖo ʋu dzo heyi ɖe gbedzi, woawo ɖeɖe.


Baba na wò, Korazin! Baba na wò, Betsaida! Elabena ɖe wowɔ ŋusẽdɔ, siwo wowɔ le mia dome la, le Tiro kple Zidon la, ne wotrɔ le woƒe dziwo me le akpanya kple afi me nɔnɔ me.


Vɔ̃ ana wò, Korazin! Vɔ̃ ana wò, Betsaida! Elabena ŋusẽdɔwɔwɔ, siwo wowɔ le mewo la, ɖe wowɔ wo le Tiro kple Zidon la, ne wòtrɔ le woƒe dzi me le blema le akpanya kple afi me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite