Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 5:36 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Ke esi Yesu se nya, si gblɔm wole la, egblɔ na ƒuƒoƒemegã la bena: Megavɔ̃ o, xɔ se ko.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

36 Yesu se nya si wova gblɔ na Yairo, ale wòde dzi ƒo nɛ gblɔ be, “Mègavɔ̃ o, xɔ dzinye se ko.”

Gade chapit la Kopi




Marko 5:36
11 Referans Kwoze  

Eye esi Yesu see la, exɔ dzi ne bena: Megavɔ̃ o, xɔe se ko, eye wòaɖee!


Yesu gblɔ nɛ bena: Ɖe nyemegblɔ na wò bena, ne èxɔe se la, èkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la o mahã?


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ne ate ŋui! Amesi xɔe se la, ate ŋu awɔ nusianu.


Ke egblɔ nɛ bena: Vinyenyɔnuvi, wò xɔse la de wò; heyi le ŋutifafa me, wò lãme nasẽ tso wò dɔléle la me!


Ke egblɔ na wo bena: Le miaƒe xɔse ʋee ŋutie; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na to sia bena: Te ɖa tso afisia nayi afime, eye ate ayi, eye naneke mele miaƒe ŋutete wu ge o.


Eye wòfɔ ŋdi kanya heho ɖo ta Tekoa-gbedzi. Esi woho la, Yosafat tsi tre ɖi gblɔ bena: Miɖo tom, mi Yuda kple Yerusalemtɔwo! Ne miexɔ Yehowa, mia Mawu dzi se la, ekema mianɔ te, eye ne miexɔ eƒe nyagblɔɖilawo dzi se la, ekema adze edzi na mi!


Esi wòle nusiawo gblɔm na wo la, kpɔ ɖa, amegãa ɖe va dze klo nɛ gblɔ bena: Ye nyɔnuvi ku fifi laa; gake la va natsɔ wò asi ada ɖe edzi, eye woagbɔ agbe.


Eye ƒuƒoƒe la ƒe amegãwo dometɔ ɖeka, si ŋkɔ nye Yairo la, va, eye esi wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite