Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 5:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Esi wogale nu ƒom la, du tso ƒuƒoƒemegã la ƒe me va bena: Wò nyɔnuvi la ku; nukaŋuti nègale fu dem na nufiala mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

35 Le esime Yesu nɔ nu ƒom na nyɔnu la la, ame dɔdɔwo tso ƒuƒoƒemegã Yairo ƒe aƒe me va do kple nya sia be via nyɔnuvi sue la ku. Ame dɔdɔa gblɔ na Yairo be, “Viwo la ku xoxo, eye megahiã be nàɖe fu na Nufiala la o.”

Gade chapit la Kopi




Marko 5:35
13 Referans Kwoze  

Esi wogale nuƒoƒo dzi la, amea ɖe tso ƒuƒoƒemegã la ƒe me va gblɔ bena: Wò nyɔnuvi la ku, megaɖe fu na nufiala o!


Yesu gblɔ bena: Mikɔ kpe la da! Amesi ku la ƒe nɔvinyɔnu Marta gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, eƒaƒã xoxo, elabena exɔ ŋkeke ene sɔŋ.


Eye esi wògblɔ esia la, etɔ edzi yi ɖayɔ nɔvianyɔnu Maria dzaa, eye wògblɔ bena: Nufiala va, eye wòle yɔwòm.


Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esime ame kukuwo ase Mawuvi la ƒe gbe, eye amesiwo see la, woanɔ agbe.


Eye esi wòdze mɔ dzi la, amea ɖe si du va dze klo ɖe eƒe akɔ me, eye wòbiae bena: Nufiala nyui, nuka mawɔ, bena manyi agbe mava la dome mahã?


Eye ƒuƒoƒe la ƒe amegãwo dometɔ ɖeka, si ŋkɔ nye Yairo la, va, eye esi wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu,


Azɔ esi Maria va afisi Yesu le, eye wokpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu hegblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, ɖe nèle afisia la, ne nɔvinye meku o.


Yesu gblɔ nɛ bena: Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe;


Tete la Marta gblɔ na Yesu bena: Aƒetɔ, ɖe nèle afisia la, ne nɔvinye meku o.


Egblɔ bena: Miyi ɖe dua me ɖe ame ma gbɔ, eye migblɔ nɛ be na: Nufiala la gblɔ bena: Nye azãgbe la le ɖoɖom, gbɔwò maɖu ŋutitotolẽvi la le kple nye nusrɔ̃lawo.


Esi wòle nusiawo gblɔm na wo la, kpɔ ɖa, amegãa ɖe va dze klo nɛ gblɔ bena: Ye nyɔnuvi ku fifi laa; gake la va natsɔ wò asi ada ɖe edzi, eye woagbɔ agbe.


Ke esi Yesu dze sii la, egblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele fu ɖem na nyɔnu la? Elabena ewo do nyui nam.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite