Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 4:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Eye wovɔ̃ geɖe ŋutɔ, eye wogblɔ na wo nɔewo bena: Ameka gɔ̃e nye esia bena, ya kple ƒu gɔ̃ hã ɖoa toe mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

41 Vɔvɔ̃ ɖo nusrɔ̃lawo ŋutɔ. Woƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ na wo nɔewo be, “Ame ka gɔ̃e nye esia, be yawo kple ƒutsotsoewo hã ɖoa toe?”

Gade chapit la Kopi




Marko 4:41
17 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ na wo bena: Afika miaƒe xɔse le? Eye esi wole vɔvɔ̃m la, woƒe mo wɔ yaa wole gbɔgblɔm na wo nɔewo bena: Ameka gɔ̃e nye esia? Elabena ede se na ya wo kple tsi, eye woɖo toe.


hegblɔ bena: Afii nava se ɖo, eye mayi ŋgɔ o; eye afii wò tsotsoe kpakawo aƒo ɖoa?


Eye ameawo ƒe mo wɔ yaa, eye wogblɔ bena: Ameka ƒomevi enye sia be, yawo kple ƒu hã ɖoa toe?


Elabena ameka le dziŋgɔli me de Yehowa nu, eye ameka sɔ kple Yehowa le mawuwo ƒe viwo dome?


Ɖeko mivɔ̃ Yehowa, eye misubɔe nyateƒetɔe tso miaƒe dzi blibo me, elabena miekpɔ nu gã, si wòwɔ na mi!


Aƒetɔ, amekae mavɔ̃ wò o, eye makafu wò ŋku la o mahã? Elabena wò ɖeka bɔ koe le kɔkɔe; elabena dukɔwo katã woava ade ta agu le ŋkuwò me; elabena woɖe wò nu dzɔdzɔe wɔwɔwo ɖe go fia.


Ke nyɔnu la le vɔvɔ̃m, eye wòle dzodzom nyanyanya; elabena enya nusi wòwɔ nɛ, eye wòva dze klo nɛ, eye wògblɔ nyateƒe blibo katã nɛ.


Eyata esi míexɔ fiaɖuƒe, si meʋuʋuna o la, mina míada akpedada, si me miato asubɔ Mawu wòadze eŋu, hekpe ɖe mawusosroɖa kple evovo ŋuti.


Eye kuvia ɖo wo katã, eye wogblɔ le wo nɔewo dome bena: Nuka nyae nye esi ma? Elabena ekpɔ mɔ kple ŋusẽ hedea se na gbɔgbɔ blibawo, eye woɖoa go.


Eye esi woge ɖe ʋua me la, ya la dzudzɔ.


Nye nu, si mebla kplii la, enye agbetɔ kple ŋutifafatɔ, eye metsɔ vɔvɔ̃ ɖe asi nɛ, evɔ̃m, eye nye ŋkɔ ɖo ŋɔdzi nɛ.


Eye kuvia ɖo wo ŋutɔ, eye wole gbɔgblɔm bena: Ewɔ nuwo katã nyuie, ena tokunɔwo sea nu, eye aɖetututɔwo hã ƒoa nu.


Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wo mievɔ̃ ale? Ɖe xɔse mele mia si o mahã?


Eye wòva ɖo ƒu la godo le Gadaratɔwo ƒe anyigba dzi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite