Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 4:37 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

37 Eye ahom sesẽa ɖe va tu, eye ƒutsotsoewo le ŋeŋem ɖe ʋu la me, ale bena ʋu la de asi yɔyɔ me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

37 Esi wozɔ yina sẽe la, ahom sesẽ aɖe de asi tutu me. Esia na be ƒutsotsoewo ŋe dze ʋu la me ale gbegbe be esusɔ vie ko ʋu la nanyrɔ.

Gade chapit la Kopi




Marko 4:37
11 Referans Kwoze  

kpɔ ɖa, ya ʋuɖua ɖe tso gbe dzi va lɔ xɔ la ƒe dzogoe eneawo ɖe eme wòmũ dze ɖekakpuiawo dzi woku, eye nye ɖeka koe kpɔtɔ, be meva gblɔe na wò.


Ke Yehowa lɔ ya gãa ɖe trɔ ɖe atsiaƒu la dzi, eye ahom sesẽa ɖe tu ɖe atsiaƒu dzi, ale be ʋu la ɖi be, yeagbã.


Yehowa gblɔ na Satana be: Kpɔ ɖa, eƒe nuwo katã le asiwò me, ɖeko megade asi eya ŋutɔ ŋu o. Tete Satana dzo le Yehowa ŋku me.


zi etɔ̃ woƒom kple atiwo, zi ɖeka woƒu kpem; menɔ ʋu me wògba zi etɔ̃, zã kple keli menɔ ƒutsotsoewo nu.


Eye esi wodze ɖe teƒe lebiia ɖe, si yi ɖe ƒu me la, wona ʋu la si ké, eye ʋua ta xa hetsi maʋãmaʋã, eye egɔme gbã le ƒutsotsoe sesẽawo nu.


Eye esi wogblẽ ameha la ɖi la, wokui yi, abe alesi wòle ʋu la me ene; eye ʋu bubuwo hã kpe ɖe eŋuti.


Ke eya ŋutɔ le ʋu gome, Zia suɖi le alɔ̃ dom, eye wonyae gblɔ nɛ bena: Nufiala, ɖe miaƒe tsɔtsrɔ̃ metsɔ gbɔwò nya o mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite