Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 4:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Ele abe logoku ene, esi ne woƒãe ɖe anyigba me la, ele sue wu atiku, siwo katã le anyigba la dzi;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Mawufiaɖuƒe la le abe atiku suetɔ kekeake ene le anyigba dzi.

Gade chapit la Kopi




Marko 4:31
30 Referans Kwoze  

Ale Aƒetɔ ƒe nya la tsi kple nusẽ, eye wòkpɔ dziɖuɖu enye si.


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Eye esi wosee la, wokafu Mawu, eye wogblɔ nɛ bena: Nɔvi, èle kpɔma, alesi ame akpeakpewo xɔe se le Yudatɔwo dome, eye wo katã wonye ŋuʋãlawo ɖe se la ŋu;


Ke ame geɖe wu va kpe ɖe wo ŋu, amesiwo xɔ Aƒetɔ la dzi se, ŋutsuwo kple nyɔnuwo geɖe fũ ŋutɔ;


Ke amesiwo se nyaa la, dome geɖea xɔe se; eye ŋutsuawo ƒe xexlẽme anɔ akpe atɔ̃.


Azɔ amesiwo xɔ eƒe nyaa la, wode mawutsi ta na wo; eye le ŋkeke ma dzi wotsɔ luʋɔwo anɔ akpe etɔ̃ kpe ɖe wo ŋu.


Ɣemaɣl la Yehowa akpɔ Yerusalemtɔwo ta, woƒe ame beliwo anɔ ɣemaɣi abe Dawid ene, eye Dawid ƒe aƒe la anɔ abe Mawu ene, abe Yehowa ƒe dɔla ene adze wo ŋgɔ.


Hee! Mi amesiwo le Babel-nyɔnuvi gbɔ, misi yi Zion!


Ame suewo azu akpe, eye ame ʋeewo azu dukɔ sesẽ. Nye Yehowa, nye asi matsɔ awɔe le ewɔɣi.


Eyata mana gomee ɖe ame geɖewo dome, eye eya kple kalẽtɔwo amã aboyonu, elabena etso eƒe agbe de ku me, eye wòna wobui kpe ɖe vodalawo ŋu, evɔ wònye ede ta ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo te, eye wòɖe kuku ɖe vodalawo ta hafi.


Edze abe atilɔ fẽ ene le eŋku me, eye abe ke ƒe dzedzè tso anyigba ƒuƒu me ene. Nɔnɔme kple ɖekadzedze mele eŋu, ne míaɖe ŋku ɖee o, eye kpɔkpɔme mele eŋu, ne eƒe nu nadzro mí o.


Aƒetɔ la gblɔ nya ɖo ɖe Yakob, eye wòva ƒo ɖe Israel dzi,


Eye mawudɔla adrelia ku kpẽ la, eye gbe gãwo ɖi le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Xexemefiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo la tɔ, eye wòaɖu fia tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me.


Eye wògblɔ bena: Nuka ŋu miatsɔ mawufiaɖuƒe la aɖoe mahã? Alo lo ka woaɖo le eŋuti mahã?


eye ne woƒãe la, emiena, eye wòva lolona wua abɔ me tiwo katã, eye wòɖea alɔ gãwo nenem bena, dziƒoxeviwo ate ŋu adze ɖe eƒe vɔvɔli me.


Eye Aƒetɔ la gblɔ bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na gboti sia bena: Ho ɖokuiwò naɖaɖo ɖe atsiaƒu me! eye aɖo to mi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite