Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 4:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Anyigba la na nuku wɔna le eɖokui si; gbã ewɔa togba, ekema liŋɔ, emegbe la kutsetse blibo noa liŋɔ la me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 Gbã la, aŋgba fɛ̃wo do tso anyigba ƒe tu me, emegbe la, nuku la ƒo se, eye mlɔeba la, etse ku.

Gade chapit la Kopi




Marko 4:28
19 Referans Kwoze  

Ele dodo ge kokoko abe agudzedze ene, eye ele vava ge na mí abe tsidzadza ene, abe keletsi, si ƒoa anyigba ene.


bene miazu alesi dze Aƒetɔ la hena eƒe ŋudzedze katã, miatse ku le dɔ nyui sia do nyui wɔwɔ me,


esia ke ŋuti meɖoa ŋu ɖo bena, amesi dze do nyui wɔwɔ gɔme le mia me la, eya ke awu enu vaseɖe Yesu Kristo ƒe ŋkeke la dzi,


Ke esi lu la tsi, eye wòtse ku la, gbe wuwluiawo hã do.


Elabena alesi anyigba nana nuwo miena, eye abɔ nana nukuwo dzenae la, nenema Aƒetɔ Yehowa ana dzɔdzɔenyenye kple kafukafu namie le dukɔwo katã ŋku mee.


Ewɔ nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi, eye wòde: mavɔmavɔ dzi me na wo, negbe ɖeko amegbetɔ menya mɔnu le nusiwo Mawu wɔ la ƒe agɔmegbɔ, kple tagbɔ ŋu ne


Ɣeyiɣi li na nusianu, eye azã li na lameɖoɖowo katã le dzi ƒoa te.


Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nua kɔkɔm ɖe dzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.


Eyama ɖi ati, si woɖo ɖe tɔʋuwo to, si tsena le etseɣi, eye eƒe aŋgbawo melũa xe o; eye nusianu, si wówɔna la, ewɔnɛ wua nu nyuie!


Eye Yehowa Mawu na ati vovovo, siwo nya kpɔna, siwo ƒe tsetse nyo na ɖuɖu la, mie tso anyigba me; eye agbeti la kpakple sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati la le abɔ la titina.


eye wòdɔa alɔ, eye wòfɔna zã kple keli, eye nuku la miena, eye wòtsina ale bena, eya ŋutɔ menyanɛ o.


Ke ne kutsetse la ɖi la, enumake edoa nuŋehɛ ɖa; elabena nuŋeɣi la ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite