Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 3:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Eye esi wòkpɔ wo godoo kple dziku la, exa nu le woƒe dzimesesẽ la ŋuti, eye wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

5 Yesu tsa ŋku le ameawo dzi dzikutɔe, elabena eɖe fu na eƒe susu ŋutɔ be, womesea veve ɖe wo nɔewo ti o. Azɔ egblɔ na amea be, “Dzɔ wò asi.” Amea wɔe, eye enumake eƒe asi gaɖɔ ɖo.

Gade chapit la Kopi




Marko 3:5
29 Referans Kwoze  

Eye wòkpɔ wo katã godoo hegblɔ nɛ bena: Mlo wò asi! Eye wòwɔe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.


amesiwo ƒe nyasã do viviti, eye wonye amedzrowo le Mawu ƒe agbe la gome le numanyamanya, si le wo me la ŋuti, le woƒe dzimesesẽ la ŋuti,


Tete fia la xɔ edzi gblɔ na Mawu ƒe ame la bena: Ɖe kuku na Yehowa, wò Mawu la, eye do gbe ɖa ɖe tanye, be nye asi la nagaɖo me nam. Eye Mawu ƒe ame la do gbe ɖa na Yehowa, eye fia la ƒe asi gaɖo me nɛ abe tsã ene.


Elabena nɔvinyewo, nyemele didim bena, nenem nya ɣaɣla sia nanɔ manyamanya ɖe mi o, bene miagabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o bena, dzimesesẽ va Israel ƒe amea ɖewo dzi, halase esime trɔ̃subɔlawo ƒe dedeme blibo la nava yi ɖe eme,


Tete wògblɔ na ame la bena: Mlo wò asi! Eye wòmloe, eye wògaɖɔ ɖo zu blibo abe ekeme ene.


eye wogblɔ na towo kple agawo bena: Mimu dze mia dzi, eye miɣla mi tso amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la ƒe ŋku me, eye tso alẽvi la ƒe dziku la nu; elabena eƒe dzikuŋkeke gã la ɖo, eye ameka ate ŋu anɔ tsitre ɖe enu mahã?


eye esi wowɔe blibo la, ezu agbexɔxɔ mava ƒe gɔmeɖola na amesiwo katã ɖoa toe,


Ke amekawo ƒe nue ku dzi ne ƒe blane sɔŋ mahã? Alo menye amesiwo wɔ nuvɔ̃, amesiwo ƒe ƒu kotsoewo tsi gbedzi lae o ɖe?


Eye migawɔ nusi ave Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔkɔe la o, amesi me wotre mia nu le hena xɔxɔ ƒe ŋkeke la.


Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o;


ke wona woƒe tamesusuwo sẽ. Elabena vaseɖe egbegbe sia la nutsyɔnu sia gale nubabla xoxo ƒe xexlẽ la dzi, eye womekloe o, elabena woɖenɛ ɖa le Kristo me.


eye wògblɔ nɛ bena: Yi, nale tsi le Siloa-ta la me (si gɔme enye wodɔe ɖa). Tete wòyi ɖale tsi la, eye wòva le nu kpɔm.


Eye esi wòkpɔ wo la, egblɔ na wo bena: Miheyi ɖatsɔ mia dokui tia nunɔlawo. Eye wòva ve me, esi woyina la, wo ŋuti kɔ.


Tete Aƒetɔ la xɔ dzi gblo ne bena: Alakpatɔwo! Ɖe mia dome amesiame metua eƒe nyi alo tedzi le lãnuɖunu la ŋuti le Sabat dzi, be wòakplɔe ayi tsinoƒe o mahã?


Ƒe blane sɔŋ ƒome sia nyɔ ŋu nam, eye megblɔ be: Dukɔ, si ƒe dzi tre mɔ, wonye eye womenya nye mɔwo o;


Tete dzi kum ŋutɔ, eye mefɔ Tobiya ƒe xɔmenuwo katã ƒu gbe tso xɔ le me.


Tete woɖe mawu bubuawo ɖa le wo ɖokui dome hesubɔ Yehowa; eyata Israel ƒe fukpekpe la mena wòɖe dzi ɖi o.


eve Yehowa bena, wòwɔ ame ɖe anyigba dzi, eye woɖu dzi nɛ.


Eyata nenem dzidzime sia ƒe nu ku dzi nam, eye megblɔ be: Ɖaasi woƒe dzi tra mɔ; ke womenya nye mɔwo o.


Eye wòbia wo bena: Ɖe woɖe mo bena, woawo nu nyui alo woawo nuvɔ̃ le Sabat dzi, be woaɖe ame, alo woawui mahã? Ke woawo zi kpi.


Eye dzi ku Yonatan vevie, wòtsi tre le kplɔ̃a ŋu, eye meɖu nu le dzinu yeye ƒe ŋkeke evelia dzi o; elabena ele nu xam le Dawid ta, elabena fofoa do ŋukpee.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite