Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 3:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Amea ɖeke mate ŋu ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe me, eye wòaha eƒe aƒemenuwo o; negbe ɖeko woabia ŋusẽtɔ la gbã hafi aha eƒe aƒe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 Le nyateƒe me la, ame aɖeke mate ŋu age ɖe ŋusẽtɔ ƒe aƒe me, alɔ eƒe nunɔamesiwo adzoe o, negbe ɖeko wòabla ŋusẽtɔ ma gbã, ekema ate ŋu aha eƒe aƒemenuwo.

Gade chapit la Kopi




Marko 3:27
17 Referans Kwoze  

Alo aleke ame lawɔ ayi ɖe ŋusẽtɔ la ƒe me, bena yeaha eƒe aƒemenuwo le esi, ne melé ŋusẽtɔ la bla gbã hafi oa? Ekema ko hafi wòaha eƒe aƒemenuwo.


Viwo, miawo la Mawu me mietso, eye mieɖu wo dzi; elabena amesi le mia me la, etri akɔ wu amesi le xexeame.


Eyata mana gomee ɖe ame geɖewo dome, eye eya kple kalẽtɔwo amã aboyonu, elabena etso eƒe agbe de ku me, eye wòna wobui kpe ɖe vodalawo ŋu, evɔ wònye ede ta ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo te, eye wòɖe kuku ɖe vodalawo ta hafi.


Ɣemaɣi la Yehowa atsɔ eƒe yi kpekpe gã sesẽ la ahe to na ʋɔ driba, si nye ɖa, si le sisim, kple ʋɔ driba, si nye da xatsaxatsa la, eye woawu boso le atsiaƒu me.


Amesi ke le nuvɔ̃ wɔm la, eya tso Abosam me; elabena Abosam wɔa nuvɔ̃ tso keke gɔmedzedzea me ke. Esia ŋuti Mawuvi la ɖe eɖokui fia, bene yeagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo.


eye wòɖe dziɖulanyenye kple ŋusẽwo ɖi, eye wòdo ŋukpe wo le gaglãgbe, eye wòkpɔ dziɖuɖudzidzɔ ɖe wo dzi to me.


Azɔ xexe sia me ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la ɖo: fifi ko woatsɔ xexe sia me fia la aƒu gbe.


Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wole ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbe ƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gãe;


Azɔ alesi viawo kpɔ ʋu kple ŋutilã ƒe gome la, nenema ke eya hã kpɔ ekemawo ƒe gome, bene wòato ku me aɖi gbɔ amesi si ku ƒe ŋusẽ le, si nye Abosam la,


Ke ŋutifafa Mawu la agbã Satana ɖe miaƒe afɔwo te gudugudu kpuie. Mía Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve la nanɔ anyi kpli mi katã!


Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite