Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 3:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye agbalẽfiala, siwo tso Yerusalem va la, gblɔ bena Beelzebul le eme, eye wònyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Gake Yudatɔwo ƒe agbalẽfiala siwo tso Yerusalem va afi ma la gblɔ be, “Belzebul, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia si le eme lae le fu ɖem nɛ. Esia hã tae gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖoa toe ɖo.”

Gade chapit la Kopi




Marko 3:22
14 Referans Kwoze  

Tete agbalẽfialawo kple farisitɔwo tso Yerusalem va Yesu gbɔ gblɔ bena:


Esɔ gbɔ na nusrɔ̃la, ne woazu abe eƒe nufiala ene, kple subɔla abe eƒe aƒetɔ ene. Ne woyi aƒetɔ la be Beelzebul la, aleke woahayɔ eƒe aƒemetɔwo a wui?


Ke esi farisitɔwo see la, wogblɔ bena: Nenem me sia manyã gbɔgbɔ vɔ̃wo ado goe, ne menye to Beelzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi o.


Ke farisitɔwo gblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzie wòto nyã gbɔgbɔ vɔwo do goe.


Ameha la ɖo ŋu bena: Gbɔgbɔ vɔ̃ le mewo: ameka le didim be, yeawu wò mahã?


Yudatɔwo gblɔ nɛ bena: Azɔ ko míedze sii bena, gbɔgbɔ vɔ̃ le mewo. Abraham ku, nyagblɔɖilawo hã ku, eye wòa nèle gbɔgblɔm bena: Ne amea ɖe dzra nye nya ɖo la, mele ku ɖɔ ge akpɔ o vaseɖe mavɔmavɔ me mahã?


Yudatɔwo xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Ɖe miegblɔe de eteƒe bena, Samariatɔ nenye, eye gbɔgbɔ vɔ̃ le mewo o mahã?


Ke wo dometɔa ɖewo gblɔ bena: Enyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to Beelzebul, si nye gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia la dzi.


Eye farisitɔwo kple agbalẽfialaa ɖewo, siwo tso Yerusalem va la, ƒo ƒu ɖe egbɔ.


Elabena Yohanes va, meɖua nu o, menoa nu hã o, eye wogblɔ bena: Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.


Eye mawuxɔ ƒe ɖɔɖɔɖoŋkekenyuie ɖo le Yerusalem, eye wònye vuvɔŋɔli;


Eye gbe ɖeka la eva ve me bena, esi wòle nu fiãm, eye farisitɔwo kple sefiala, siwo tso Galilea kple Yudea-duwo katã me kpakple Yerusalem va la, wobɔbɔ nɔ afima, eye Aƒetɔ ƒe ŋusẽ ti be, wòada gbe le wo ŋu.


Wòe wodo ɣli na, eye woɖe wo; ŋuwò woɖo ŋu ɖo, eye ŋu mekpe wo o.


Eye Axazya ge tso eƒe xɔtaxɔ ƒe fesre nu le Samaria, eye do dze eɖzi. Tete wòdo amewo gblɔ na wo bena: Miyi Mabia nu Ekrontɔwo ƒe mawu Baal-Zebub be, ɖe mahaya tso nye dɔléle sia mea?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite