Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 3:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye gbɔgbɔ makɔmakɔwo, ne wokpɔe ko la, wodzea klo ɖe ekɔ me, eye woɖoa ɣli gblɔna bena: Wòe nye Mawuvi la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Nenye be ame siwo me gbɔgbɔ vɔ̃wo le la kpɔ Yesu la, wodzea anyi ɖe eƒe akɔme hedoa ɣli be, “Wòe nye Mawu ƒe Vi la,”

Gade chapit la Kopi




Marko 3:11
14 Referans Kwoze  

Eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã do go le ame geɖewo me, eye wole ɣli dom le gbɔgblɔm bena: Wòe nye Mawu ƒe Vi la. Eye wòwona ɖe wo ta, eye mena mo wo be, woaƒo nu o, elabena wonyae bena, eyae nye Kristo la.


Ke esi wòkpɔ Yesu la, edo ɣli, eye wòdze klo nɛ hegblɔ kple gbe sesẽ bena: Nya ka le mía kpli wò domea? Yesu, Mawu, dziƒovĩtɔ la ƒe Vi! Meɖe kuku na wò, megawɔ funyafunyam o.


Wò la èxɔnɛ sena bena, Mawu ɖekae li; èwɔe nyuie; gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔnɛ sena, eye wodzona nyanyanya.


Eye kpɔ ɖa, wodo ɣli gblɔ bena: Nya ka le mía kpli wò dome, wò Mawuvi? Ɖe nèva afisia funyafunya wɔ ge mi, hafi ɣeyiɣi la nade mahã?


Eye tela te ɖe eŋu gblɔ nɛ bena: Nenye Mawuvi nènye la, ekema gblɔ na kpe siawo be, wòatro zu abolo.


Amesia dze Paulo kple mia yome, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Nenem me siawo la, Mawu dzifoʋĩtɔ la ƒe dɔlawo wonye, amesiwo le agbexɔxɔmɔ gblɔm fia mí.


Eye gbɔgbɔ vɔ̃awo ɖe kuku nɛ gblɔ bena: Ne ènyã mi do go la, dɔ mí ɖe hawo me.


eye wògblɔ nɛ bena: Nenye Mawuvi nènye la, ekema dzo naɖadze anyigba; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Ade se na eƒe dolawo le ŋutiwò, eye woaxɔ wò ɖe asiwò me, be nagatsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe o.“


Ke amesiwo le ʋua me la, dze klo nɛ gblɔ bena: Mawuvi nenye vavã.


Yesu Kristo, si enye Mawuvi la, ƒe nyanyuie la ƒe gɔmedzedze enye esi.


Ke ne ɖa le amea ɖe wum la, neɖu nu le aƒe me, bene miagava kpe ta hena ʋɔnudɔdrɔ̃ o. Ke ne meva la, maɖo nusiwo susɔ la.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite