Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 2:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Eye enumake esi Yesu dze sii le eƒe gbɔgbɔ me bena, wole ɖi kem le woa nutowo ɖokui me ale la, egblɔ na wo bena: Nuka wɔ miele nusiawo ƒe ɖi kem le miaƒe dzi me mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Yesu nya nu si bum ameawo nɔ, eya ta egblɔ na wo enumake be, “Aleke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea?

Gade chapit la Kopi




Marko 2:8
23 Referans Kwoze  

Eyata trɔ le wò dzi me tso wò vɔ̃ɖinyenye sia me, eye naɖe kuku na Aƒetɔ la, bena ɖewohĩ atso wò dzimesusu la ake wò.


Ke Petro gblɔ bena: Anania, nukaŋuti Satana yɔ wò dzi me fũ be, nèka aʋatso na Gbɔgbɔ kokoe la, eye nètso anyigbaga ƒe ɖe ɣla mahã?


Ke amea ɖewo le mia dome, siwo mexɔna sena o. Elabena Yesu nya tso gɔmedzedzea me wo amesiwo mexɔ edzi se o kple amesi le eyome mɔ fia ge.


Eye wògblɔ na wo bena: Nuka wɔ mieʋuʋu, eye nukaŋuti ɖikeke ɖo miaƒe dzi me mahã?


Ke enya woƒe tamesusuwo, eye wògblɔ na ŋutsu, si titi lé asi na la bena: Tso, eye natsi tre ɖe titina. Eye wòtso ɖe tsitrenu.


Eye esi Yesu dze si woƒe ɖikekewo la, exɔ dzi gblɔ na wo bena: Nuka ɖi kem miele le miaƒe dzi me mahã?


Eye esi Yesu kpo wote tamebubuwo la, egblɔ bena: Nukaŋuti miele nu vɔ̃ɖiwo bum le miaƒe dzi me ale mahã?


Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Gbemagbe la nu aɖo dzi me na wò, eye aɖo tame vɔ̃ɖi


Enya nye anyinɔnɔ kple nye tsitretsitsi, eye nèdze si nye susuwo tso adzɔgedzɔgee ke.


eye nuwɔwɔa ɖeke mele ɣaɣla le eƒe ŋku me o; ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ miaƒe nya le la ŋku me!


Egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Simon, Yona vi, mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eve Petro, elabena egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eye wògblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe nya nuwo katã, wòe dze sii bena, nyemena nu gbɔwò o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽawo.


Elabena tso ame ƒe dzi me ke nu vɔ̃ɖi susuwo doa go tsona, matrewɔwɔwo, fififiwo, amewuwuwo,


Ame vɔ̃ɖi neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye nu vlo wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu, ne wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu, ekema akpɔ nublanui nɛ, eye wòatrɔ ɖe mía Mawu ŋu, elabena etsɔa nuvɔ̃ kena geɖe.


Bometsila ƒe tameɖoɖo enye nuvɔ̃, eye fewuɖula enye ŋunyɔ na amegbetɔwo.


Tameɖoɖo vɔ̃ɖi enye ŋunyɔ na Yehowa; ke nya dzeto dzana le eŋku me.


Nye Mawu, menyae be, wòe dzroa dziwo me kpɔna, eye dzimekɔkɔ nyoa ŋuwò. Nye dzime ko mena nusiawo katã faa; eye azɔ mekpe wò dukɔ, si le afisia kple dzidzɔ, be wona nu wò faa.


eye matsɔ dɔvɔ̃ awu viawo. Eye hameawo kalẽ woanyae bena, nyee nye amesi dzroa ayikuwo kple dziwo me kpɔna, eye maɖo teƒe na mia dome amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu.


Ke esi Yesu dze si esia la, ete eɖokui ɖa tso afima, eye ameha geɖewo dze eyome, eye wòda gbe le wo katã ŋu,


Eye woawo ke ɖi le wo nɔewo dome gblɔ bena, le esi yewometsɔ abolo ɖe asi o la ŋutie.


Aleke wo amesia ƒo nu alea? Egblɔ busunya, ameka ate ŋu atso nuvɔ̃wo ake, ne menye Mawu ɖeka ko o mahã?


Kae bɔbɔ wu? Be woagblɔ na lãmetututɔ la bena: Wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò loo, alo woagblɔ bena: Tsi tre natsɔ wò aba, eye nazɔ azɔli mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite