Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 2:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eye wògblɔ na wo bena: Alo miexlẽ nusi Dawid wɔ la kpɔ o, esime hiã tui, eye dɔ wu eya kple amesiwo kpe de eŋuti la o mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

25 Eɖo eŋu na wo be, “Ɖe miexlẽ nu si David kple eŋumewo wɔ, esi dɔ wu wo, eye woɖo xaxa me kpɔ oa?

Gade chapit la Kopi




Marko 2:25
11 Referans Kwoze  

Eye wògblɔ nɛ bena: Nuka woŋlɔ ɖe segbalẽa me mahã? Aleke xlẽm nèlea?


Ke le ame kukuwo gome, bena woatsi tre la, ɖe miexlẽ le Mose ƒe agbalẽ la me, alesi Mawu ƒo nu nɛ le ŋuve la me bena: „Nyee nye Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kpakple Yakob ƒe Mawu“ la o mahã?


Azɔ nɔviŋutsu adre nɔ anyi; gbãtɔ ɖe srɔ̃, eye woku, megblẽ viwo ɖi o.


Ke le ame kukuwo ƒe tsitretsitsi gome la, ɖe miexlẽ nya, si Mawu gblɔ ɖi na mi bena:


Yesu gblɔ na wo bena: Alo miexlẽ le ŋɔŋlɔawo me kpɔ bena: „Kpe, si xɔtulawo gbe la, eya ke trɔ zu dzogoekpe; Aƒetɔ la gbɔ esia tso, eye wònye nukunu le míaƒe ŋkuwo me“ o mahã?


Eye wogblɔ nɛ bena: Ese nusi ame siawo le gbɔgblɔm mahã? Eye Yesu gblɔ na wo bena: Ẽ! Alo miexlẽe kpɔ bena: „Ɖeviwo kple vi nonowo ƒe nu me nèdzra kafukafu ɖo o mahã?


Ke eɖo ŋu gblɔ bena: Alo miexlẽe kpɔ bena, amesi wɔ ame le gɔmedzedzea me ke la, atsu kple asi wòwɔ wòe o mahã?


Eye esi wòtsi nu do ŋkeke blane kple zã hã blane megbe la, do va wui.


Eye farisitɔwo gblɔ nɛ bena: Kpɔ da, wowɔ nusi mele sea nu o la le Sabat dzi!


Alesi wòyi ɖe mawuxɔ la me, le esime Abyatar enye nunɔlagã, eye woɖu ŋkumeɖobolo, si womeɖe mo le ŋuti nɛ be, woaɖu o, negbe nunɔlawo ko, eye wòna amesiwo kpe ɖe eŋuti la o mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite