Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 2:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Eye Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple farisitɔwo tsia nu dana; eye wova gblɔ nɛ bena: Nukaŋuti Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple farisitɔwo ƒe nusrɔ̃lawo tsia nu dona, eye wò nusrɔ̃lawo ya metsia nu dona o mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

18 Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo tsia nu dɔna ɣe aɖewo ɣi. Gbe ɖeka esi wogatsi nu dɔ alea la, ame aɖewo va Yesu gbɔ va bia nu si ta eya ƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o ɖo.

Gade chapit la Kopi




Marko 2:18
8 Referans Kwoze  

Metsia nu dɔna zi eve le kwasiɖa ɖeka me, eye metsɔa nusiwo katã sua asinye la, ƒe ewolia nana.


bena amewo nagadze si wò nutsitsidɔ o; negbe Fofowò, si le ɣaɣlaƒe la ko, eye Fofowò, si le nu kpɔm le ɣaɣlaƒe la, laɖo teƒe na wò.


Ke ne míetsi nu do la, migato mo sigbe alakpatɔwo ene o; elabena wogblẽa mo na wo ɖokui, bena amewo nadze si wo abe amesiwo tsia nu dona la ene. Vavã mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yii xoxo.


Elabena esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole didim bena, woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, womebɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.


Eye wowɔa woƒe nuwo katã, bena amewo nakpɔ wo; elabena wowɔa woƒe ŋkuɖodzinuwo wokekena, eye wowɔa woƒe awutogbowo wololona;


Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu atsi nu adɔ, esime ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã? Ŋkeke alesi ŋugbetɔsrɔ̃ la le wo gbɔ la, womate ŋu atsi nu adɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite