Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 2:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye wòva ve me bena, esi wòle kplɔ̃a ŋu le eƒe me la, nudzɔla kple nuvɔ̃wɔla geɖewo bɔbɔ nɔ anyi kple Yesu kpakple eƒe nusrɔ̃lawo, elabena ame geɖe wonye dze eyome.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Le fiẽ me la, Levi kpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo be woava ɖu nu le yeƒe aƒe me. Dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔla geɖewo hã nɔ ame siwo wòkpe la dome, elabena ame siawo ƒomevi hã nɔ Yesu yome.

Gade chapit la Kopi




Marko 2:15
8 Referans Kwoze  

Ke nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo katã nɔa egbɔ vam nɔa to ɖomii.


Eye esi wòɖi kpli wo la, etsi tre ɖe gbadzaƒea ɖe, eye eƒe nusrɔ̃lawo ƒe ha gãa ɖe kple amewo ƒe ha gãa ɖe, si tso Yudea katã kple Yerusalem kple Tiro kpakple Sidon-ƒuta la, va be woaɖo toe, eye be woada gbe le yewo ŋu le woƒe dowo me;


Elabena ne mielɔ̃a amesiwo lɔ̃a mi la, fetu ka kpɔm miele mahã? Alo menye nudzɔlawo hã wɔa nenema ke o ɖe?


Eye esi wòto afima yina la, ekpa Lewi, Alfeo vi la, bɔbɔ nɔ anyi le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme! Tete wòtsi tre dze eyome.


Ke esi farisitɔwo dome agbalẽfialawo kpɔ bena, ele nu ɖum kple nuvɔ̃wɔlawo kpakple nudzɔlawo la, wogblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Aleke wo bena, woɖua nu, eye wonoa nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite