Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 16:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke esi Yesu tsi tre le kwasiɖa gbãtɔ ƒe ŋdikanya la, eɖe eɖokui fia Maria, Magdalatɔ gbã, amesi me wonyã gbɔgbɔ vɔ̃ adre do go le.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

9 Kɔsiɖagbe ƒe ŋdi kanyae Yesu fɔ tso ame kukuwo dome eye ame gbãtɔ si kpɔe lae nye Maria Magdalatɔ, ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre do goe le.

Gade chapit la Kopi




Marko 16:9
12 Referans Kwoze  

kple nyɔnua ɖewo, amesiwo wòɖe tso gbɔgbɔ vɔ̃wo kple dɔlélewo me: Maria, si woyɔna be Magdalene, amesi me gbɔgbɔ vɔ̃ adre do go le


eye wòkpɔ mawudɔla eve le awu ɣi me le anyinɔƒe, ɖeka le tade, eye ɖeka le afɔde le afisi Yesu ƒe kuku la mlɔ.


Eye Maria, Magdalatɔ kple Maria, Yose dada, wokpɔ afisi wotsɔe mlɔ.


Ke amesiwo gblɔ nusiawo na apostoloawo la, woawoe nye Maria, Magdalatɔ, kple Yohana kple Maria, Yakobo dada, kple nyɔnu mamle, siwo kpe de wo ŋuti.


amesiwo dome Maria, Magdalatɔ, kple Maria, si nye Yakobo kple Yosef dada, kple Zebedeo ƒe viwo dada wole.


Eye nyɔnuwo hã le tsitre, le nu kpɔm le adzɔge; amesiawo dome Maria, Magdalatɔ, kple Maria, Yakobo suetɔ kple Yose dada, kpakple Salome wole;


Menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ ƒe ŋkeke la azi, eye mese gbe gãa ɖe le ɖiɖim le megbenye, abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena:


Kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la mia dome amesiame natsɔ nane adzra ɖo ɖi vovo ɖe ye ŋutɔ gbɔ, eye wòaƒo enu ƒu le eƒe viɖekpɔkpɔ nu, bena menye ne meva la, hafi woadze nudzɔdzɔ gome o.


Eye le kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi, esi mieƒo ƒu, be míaŋe abolo la, Paulo gblɔ nya na wo; eye wòdidi nya la ɖe edzi vaseɖe zãtitina, elabena edi be, ne ŋu ke la, yeadze mɔ.


Eye esi wodo go la, wòsi tso yɔdo la gbɔ; elabena dzodzo nyanyanya kple ŋɔdzi lé wo, eye womegblɔ nyaa ɖeke na amea ɖeke o; elabena wovɔ̃.


Eye wòyi ɖagblɔe na eƒe aƒetɔ bena: Ale kple ale nyɔnuvi, si tso Israel-nyigba dzi la, gblɔ esi.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite