Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 16:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke miheyi ɖagblɔe na eƒe nusrɔ̃lawo kple Petro hã bena: Edze mia ŋgɔ yina Galilea, afima miakpɔe le, abe alesi wogblɔ ɖi na mi la ene.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

7 Azɔ miyi ɖagblɔ nya sia na Petro kple nusrɔ̃la bubuawo be: ‘Yesu dze mia ŋgɔ yina ɖe Galilea. Miakpɔe le afi ma abe ale si wògblɔe na mi hafi ku ene.’ ”

Gade chapit la Kopi




Marko 16:7
12 Referans Kwoze  

Gake ne metsi tre megbe la, madze mia ŋgɔ ayi Galilea.


Ke le nye tsitretsitsi megbe la madze mia ŋgɔ ayi Galilea.


Tete Yesu gblɔ na wo bena: Migavɔ̃ o! Miyi ɖaka eta na nɔvinyewo bena, wòayi Galilea, eye afima woakpɔm le.


Eye miyi kaba ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Etsi tre tso ame kukuwo dome; eye kpɔ ɖa, edze mia ŋgɔ yi Galilea, afima míakpɔe le; kpɔ ɖa, metoe na mi.


Nusiawo megbe la Yesu gaɖe eɖokui fia nusrɔ̃lawo le Tiberia-ƒu la nu; eye wòɖe eɖokui fia ale:


eye bena ede eɖokui fia Kefa, emegbe la ame wuieve la.


eye wòɖe eɖokui fia amesiwo kpe ɖe eŋuti tso Galilea va Yerusalem, ŋkeke geɖewo, amesiwo zu eƒe ɖaseɖilawo azɔ na dukɔ la.


Eye wo katã wogblẽe di hesi.


eyata azɔ la mitsɔe kee, eye mifa akɔ nɛ ɖe eteƒe boŋ, bene nuxaxa geɖe akpala nagami nenem me sia o.


Eye esi wodo go la, wòsi tso yɔdo la gbɔ; elabena dzodzo nyanyanya kple ŋɔdzi lé wo, eye womegblɔ nyaa ɖeke na amea ɖeke o; elabena wovɔ̃.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite