Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 16:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Eye woawo la, esi wose bena, ele agbe, eye wokpɔe la, womexɔe se o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

11 Egblɔ na wo be yekpɔ Yesu wòle agbe, gake nusrɔ̃lawo mexɔ nya sia dzi se o.

Gade chapit la Kopi




Marko 16:11
9 Referans Kwoze  

Eye nya siawo dze le woƒe ŋku me abe bometsinya ene, eye womexɔ wo dzi se o.


Eye wòdo eŋu na wo gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse! Ɣekaɣi mana anyi kpli mi ase ɖo? Eye ɣekaɣi mado dzi ahe mi ase do mahã? Mikplɔe va gbɔnye!


Ne meyɔe, eye wòtɔ nam hã, nyemaxɔe ase be, ele to ɖe nye gbe ŋu o.


Eye Mose va gblɔ nyawo na Israel-viwo, ke woawo meɖo to Mose o, elabena womegale dzi ɖom ɖe amea ɖeke ŋu o, le dɔ sesẽ la ta.


Eye esi wokpɔe la, wodze klo nɛ, ke amea ɖewo ke ɖi.


Ke esi womexɔe se o le dzi, si dzo wo kple nuku, si wòwɔ na wo ŋuti la, egblɔ na wo bena: Nuɖuɖua ɖe le mia si le afisia mahã?


Tete nusrɔ̃la bubuawo gblɔ nɛ bena: Miekpɔ Aƒetɔ la. Ke egblɔ na wo bena: Ne nyemekpɔ gatagbadzɛawo teƒe le eƒe asi me, eye metso nye asibide ƒo ɖe gatagbadzɛawo teƒe, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe eƒe axada me o la, nyemele exɔ ge ase o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite