Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 15:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye woŋlɔ eƒe nutsotso heɖo eƒe tagba bena: Yudatɔwo ƒe fia la.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Woŋlɔ nutsotso si wotsɔ ɖe eŋu esi ta woklãe ɖe atia ŋu la ɖe ʋuƒo kakɛ aɖe dzi klã ɖe atitsoga la tame. Nu si woŋlɔ ɖe ʋuƒoa dzi enye: Yudatɔwo ƒe Fia.

Gade chapit la Kopi




Marko 15:26
14 Referans Kwoze  

Eye woŋlɔ eƒe nutsonya ɖo tagbɔ nɛ bena; Yesu, Yudatɔwo ƒe fia la, enye esi!


Afika Yudalawo ƒe fia, si wodzi la le? Elabena miekpɔ eƒe ɣletivi le ɣedzeƒe, eye mieva ta de ge agu na eyama esi.


Zion-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ vevie; Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpo ɖa, wo fia gbɔna gbɔwò; dzɔdzɔetɔ kple xónametɔ wonye, eye wodo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi.


Eye Pilato biae bena: Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Eye wòɖo eŋu nɛ gblɔ bena: Wòe gblɔe.


Ke eya mesusu alea o, eye mebu ɖe dzi me alea o, ke boŋ eɖo ɖe ta be, yeagblẽ nu, eye yeatsrɔ̃ dukɔ geɖewo.


Fia ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Yehowa si me; afisi wòlɔ̃ la, eya wòkplɔnɛ yinae.


Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.


nye amesi ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke gblɔ bena: Nye tame-ɖoɖo ava me, eye mawɔ nye didiwo katã dzi;


elabena wometsɔ abolo kple tsi va kpe mi le mɔ dzi, esime mieʋu tso Egipte la o, eye woda Bileam, Beor vi, tso Petor le Mesopotamia ɖe mia ŋu, be wòaƒo fi ade mi.


esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, ne wòaxɔ na anyigba dzi hiãtɔwo katã. Sela.


Eye woklã adzodala eve hã kpe ɖe eŋuti, ɖeka le eƒe nuɖusi me, eye ɖeka le eƒe mia me.


Kristo, Israel ƒe fia la, azɔ ɖi le atitsoga la ŋuti, bena míakpɔe, eye miaxɔ ase! Eye amesiwo woklã ɖe ati ŋuti kpe ɖe eŋuti la, woawo hã dzui.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite