Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 15:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Eye esi Pilato lɔ̃ bena, yeawu ameha la ƒe lɔlɔ̃nu la, eɖe asi le Baraba ŋuti na wo, eye Yesu la, esi wòna woƒoe kple atam la, etsɔe de asi, bena woaklãe ɖe ati ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

15 Azɔ Pilato vɔ̃ be ameha la ava wɔ ʋunyaʋunya eye be wòadze wo ŋu ta la, eɖe asi le Barabas ŋu na wo. Ke eɖe gbe be woaƒo Yesu kple atam. Le esia megbe la, ekplɔe de asi na ameawo be woaɖaklãe ɖe ati ŋu le woƒe didi nu.

Gade chapit la Kopi




Marko 15:15
17 Referans Kwoze  

Tete Pilato tso Yesu na woƒo kple atam.


Tete wòɖe asi le Baraba ŋu na wo; ke Yesu la, eƒoe kple atam, eye woɖee asi, bena woakpe de ati ŋuti.


Mesia nye mẽdome ɖi na ameƒolawo, eye meɖo nye tome anyi na amesiwo nyɔa ɖa; nyemetsyɔ nu ŋku me le vlododo kple taɖeɖe ŋuti o.


eye woaɖu fewu le eŋuti, eye woaɖe ta ɖe eŋu, eye woaƒoe kple atam, eye woawui, eye ŋkeke etɔ̃agbe la atsi tre.


Amegbetɔvɔvɔ̃ mɔ̃e wònye ɖea eme; ke amesi doa dzi de Yehowa ŋu la, woakpɔ eta.


Agbleŋlɔlawo ŋlɔ nye mẽdome, eye wodze boliƒo lebe.


Amesi tsɔ miaƒe nuvɔ̃wo ɖa ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã dzi heyi ɖe atitsoga ŋu, bene mí amesiwo ku na nuvɔ̃wo la, míanɔ agbe hena dzɔdzɔenyenye; amesi ƒe kabiwo yɔ dɔ mi la.


Tete wòdee asi na wo, bena woaklãe ɖe ati ŋuti.


Elabena wò amenuveve kɔ ɖatɔ dziƒo, eye wò nyateƒe de alilikpowo gbɔ.


Ke nyemekpɔ apostolowo dome ame bubua ɖeke o, negbe Yakobo. Aƒetɔ la nɔvi ko.


Ke esi Festo le didim bena, yeave Yudatɔwo nu la, exɔ dzi na Paulo gblɔ bena: Elɔ̃ bena, nayi Yerusalem, ne woadrɔ̃ ʋɔnu wò le afima le nusiawo ŋuti le ŋkunye me mahã?


Ke le ƒe eve megbe la Porkio Festo va nɔ Felike teƒe; eye esi Felike le didim be, yeave Yudatɔwo nu la, egblẽ Paulo ɖe ga me.


eye woaƒoe kple atam, eye woawui, eye ŋkeke etɔ̃agbe la wòatsi tre.


eye woatsɔe ade asi na trɔ̃subɔlawo, bena woaɖu fewu le eŋuti, eye woaƒoe kple atam, eye woahee ɖe ati ŋuti; eye ŋkeke etɔ̃agbe la wòatsi tre?


Eye Pilato gblɔ na wo bena: Nuvɔ̃ ka gɔ̃ wòwɔ mahã? Ke wogado ɣli sesĩe wu bena: Klãe ɖe ati ŋuti!


Eyaŋuti maƒoe, eye maɖe asi le eŋu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite