Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 14:72 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

72 Eye enumake la koklo ku atɔ zi evelia. Eye Petro ɖo ŋku nya la dzi, alesi Yesu gblɔ nɛ bena: Hafi koklo naku atɔ zi eve la, agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃. Eye wòƒu du do go, eye wòfa avi.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

72 Kasia koklo ku atɔ zi evelia. Enumake Petro ɖo ŋku Yesu ƒe nya siawo dzi be, “Hafi koklo naku atɔ zi eve la, àgbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.” Esia na be eƒe dzi gbã eye wòfa avi hehehe.

Gade chapit la Kopi




Marko 14:72
15 Referans Kwoze  

Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Mele egblom na wò bena: Egbe ƒe zã sia me ke, hafi koklo naku atɔ zi eve la, agbe nu zi etɔ̃ le gbɔnye.


Ke esẽ nu gblɔ bena; Nyemenya alo se nya, si gblɔm nèle la gome o; eye wòdo go yi ɖe akpala la nu; tete koklo ku atɔ.


Miaƒe sisilawo asi, eye woano towo dzi abe akpakpawo le agato me ene, eye wo katã woanɔ xɔxlɔ̃m le woƒe vodadawo la.


Elabena nuxaxa ɖe Mawu ƒe didi nu la wɔa dzimetɔtrɔ, si mevea ame o, hena xɔxɔ; ke xexeame ƒe nuxaxa hea ku ve.


Eye Petro do go, eye wòfa avi vevie.


Ke Petro gblɔ bena: Ame, nyemenya nusi gblɔm nèle o. Eye esi wògale nuƒoƒo dzi la, kasia koklo ku atɔ.


Yesu to ne bena: Vavã mele egblɔm na wò bena: Zã sia me ke, hafi koklo naku atɔ la, agbe nu le gbɔnye zi etɔ̃.


Miaɖo ŋu miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiawo kple miaƒe nuwɔna manyomanyoawo, eye miava ŋu nya ge na mia ŋutɔwo mia ɖokui le miaƒe vodadawo kple miaƒe ŋunyɔnuwo ta.


ne naɖo ŋui, ŋukpe nalé wò, eye wò nu nade ga le ŋukpe ta, nenye be, metsɔ nusiwo katã nèwɔ la, ke wò, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Tete Dawid ƒe dzi lã kpo, esime wòxlẽ dukɔ la vɔ megbe, eye Dawid gblɔ na Yehowa bena: Mewɔ nuvɔ̃ ŋutɔ be, mewɔ nusia; eyata Yehowa, ɖe wò dɔla ƒe vodada ɖa, elabena mewɔ lãnu ŋutɔ.


Ke ede asi fiƒoƒode kple atamkaka me bena: Nyemenya amesia, si ŋuti miele nu ƒom le la o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite