Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 14:70 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

70 Eye emegbe ʋee la amesiwo le tsitre le afima la gagblɔ na Petro bena: Vavã wo dometɔ ɖeka nènye elabena Galileatɔ hã nènye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

70 Petro gasẽ nu be yemenya Yesu o! Ke ame siwo tsi tsitre ɖe dzoa gbɔ la hã de asi gbɔgblɔ me na Petro be, “Vavã, wò hã wo dometɔ ɖekae nènye elabena Galilea nètso!”

Gade chapit la Kopi




Marko 14:70
8 Referans Kwoze  

Eye kuvia ɖo wo katã, eye wotsi yaa hegblɔ bena: Kpɔ ɖa, amesiwo katã le nu ƒom la, ɖe menye Galileatɔwoe wonye oa?


Ke esẽ nu gblɔ bena; Nyemenya alo se nya, si gblɔm nèle la gome o; eye wòdo go yi ɖe akpala la nu; tete koklo ku atɔ.


Wogblɔna nɛ be: Gblɔ be Sibolet! Tete wogblɔna be Zibolet; elabena meɖo ŋu ɖo be, wòagblɔe nyuie o. Enumake wolénɛ, eye wowunɛ ɖe Yordan-tsoƒe la. Ale Efrayimtɔ ame akpe blane vɔ eve kũ ɣemaɣi.


Eye esi dɔlanyɔnu la gakpɔe la, egade asi gbɔgblɔ me na amesiwo le tsitre le afima la, bena: Amesia enye wo dometɔ ɖeka. Ke egasẽ nu.


Ke ede asi fiƒoƒode kple atamkaka me bena: Nyemenya amesia, si ŋuti miele nu ƒom le la o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite