Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 14:64 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

64 Miese eƒe busunya la, nuka susum miele mahã? Ke wo katã wobu fɔe be: Edze ku.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

64 Gbeɖe, míekpɔ afiatsotso xoxo elabena miawo ŋutɔ miese busunya si wògblɔ.” Azɔ nu kae nye miaƒe afiatsotso? Wo katã wobu fɔe be, “Edze na ku.”

Gade chapit la Kopi




Marko 14:64
9 Referans Kwoze  

Ne amea ɖe ƒo fi de Yehowa ƒe ŋkɔ la, woawui; ha blibo la naƒu kpee wòaku, eɖanye amedzro alo duamevi o, ele be, woaku, elabena eƒo fi de ŋkɔ kɔkɔe la.


Yudatɔwo ɖo eŋu ne bena: Se le mía si, eye le se la nu la edze bena, woaku; elabena etsɔ eɖokui wɔ Mawuvi.


Le esia ta Yudatɔwo gadii ɖe edzi wu, bena yewoawui; elabena menye ɖe wògblẽ kɔ ɖo na Sabat la ɖeɖeko o, ke boŋ eyɔ Mawu hã be eya ŋutɔ Fofoa, eye wòtsɔ eya ŋutɔ ɖokui ɖo Mawu ŋu.


Tete woawo gblɔ bena: Ɖaseɖiɖi ka gahiã mí? Elabena mía ŋutɔwo miesee tso eya ŋutɔ ƒe nu me.


Eye ne amea ɖe wo nua ɖe, si dze ku, eye wowui, eye nède kae ɖe ati ŋu la,


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite