Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 14:62 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

62 Eye Yesu gblɔ bena: Nyee! Eye miakpɔ Amegbetɔvi la wòanɔ anyi ɖe ŋusẽ ƒe nuɖusi me gbɔna kple dziƒo ƒe alilikpowo.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

62 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Nyee, tso azɔ dzi miakpɔ Amegbetɔ Vi la wòanɔ anyi ɖe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe nuɖusime, eye wòanɔ lilikpowo dzi atso dziƒo ava.”

Gade chapit la Kopi




Marko 14:62
20 Referans Kwoze  

Dawid ƒe ha. Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be: Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò fulɔwo awɔ wò afɔɖodzinu!


amesi nye teƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ kple eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme, eye wòtsɔa eƒe ŋusẽ ƒe nya léa nuwo katã ɖe asi: eye esi wòwu miaƒe nuvɔ̃wo ƒe kɔklɔɖa nu va la, ebɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye ƒe nuɖusi me le dziƒo;


Eye ekema woakpɔ Amegbetɔvi la le alilikpowo me gbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe geɖe.


Tete Amegbetɔvi la ƒe dzesi lado ɖe dziŋgɔli me, eye anyigba dzi ƒomeawo katã wòado konyifaɣli, eye woakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe.


Yesu gblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe; gake la mele egblɔm na mi bena: Tso esia dzi miele Amegbetɔvi la kpo ge, wòabɔbɔ nɔ anyi de ŋusẽ ƒe nuɖusi me, ana dziƒo ƒe alilikpowo dzi gbɔna.


Tso esia dzi la Amegbetɔvi la anɔ anyi ɖe Mawu ƒe ŋusẽ ƒe nuɖusi me.


Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe, eye amesiwo ƒo mi ɖee hã, lakpɔe, eye anyigba dzi ƒomeawo katã lawu avi hoo le eŋuti! Ẽ, amen.


eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa: Amesi do dzi kpe atitsoga ƒe fu, eye mebu ŋukpe o le dzidzɔ, si woɖo ɖi nɛ la ta, eye wòbɔbɔ nɔ anyi le Mawu ƒe fiazikpui ƒe nuɖusi me.


Esi Aƒetɔ la ƒo nu na wo vɔ megbe la, wokɔe tẽ yi dziƒo, eye wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me.


Eye mekpɔ fiazikpui ɣi gãa ɖe kple amesi bɔbɔ nɔ edzi, amesi ƒe ŋku me anyigba kple dziƒo si tso, eye womegakpɔ teƒea ɖeke na wo o.


Ke nya, siwo miegblɔ la, ƒe emenya gãtɔ enye esi. Nunɔlagã sia tɔgbe le mia si, amesi bɔbɔ nɔ anyi ɖe gãnyenye fiazikpui la ƒe nuɖusi me le dziƒowo,


Elabena esia nye nu, si mabia kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe, Yehowa ye gblɔe: Matsɔ nye seawo ade woƒe ta me, eye maŋlɔ wo ɖe woƒe dziwo me, eye manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ.


Eye Pilato biae gblɔ bena: Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Eye wòɖo ŋu nɛ gblɔ bena: Wòe le egblɔm.


Eye Pilato biae bena: Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Eye wòɖo eŋu nɛ gblɔ bena: Wòe gblɔe.


Eye Yesu le tsitre ɖe mɔ̃mefia la ƒe ŋku me, eye mɔ̃mefia la biae bena: Wòe nye Yudatɔwo ƒe fia la mahã? Yesu gblɔ nɛ bena: Wòe gblɔe.


Elabena menye gli, siwo wokpa kple aɖaŋu la, yome míedze, esime miena mienya mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava la o; ke boŋ míenye eƒe gãnyenye, si míekpɔ kple ŋku la, ƒe ɖaseɖilawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite