Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 14:58 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

58 Míese wògblɔ bena: Magbã mawuxɔ sia, si wotsɔ asi wɔe la, eye ŋkeke etɔ̃agbe la magatu bubu, si wometsɔ asi wɔe o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

58 “Míese wògblɔ be, ‘Magbã gbedoxɔ sia, si amegbetɔwo tu la eye matu bubu si manye amegbetɔwo ƒe asinudɔwɔwɔ o la le ŋkeke etɔ̃ megbe.’ ”

Gade chapit la Kopi




Marko 14:58
11 Referans Kwoze  

Ke Kristo va nye nu nyui, siwo le vava ge la ƒe nunɔlagã, eye wòto agbadɔ, si nye gãtɔ kple blibotɔ wu, si wometsɔ asi wɔe o, eye metso xexe sia me o la me,


Elabena mienyae bena, ne wogbã miaƒe agbadɔxɔ, si nye anyigbadzitɔ la, xɔtutu, si tso Mawu gbɔ la, anɔ mía si — xɔ, si wometso asi wɔe o, si nɔa anyi tegbetegbe le dziƒo la.


Yesu ɖo ŋu, eye wògblɔ na wo bena: Mimu mawuxɔ sia, eye le ŋkeke etɔ̃agbe la magagbugbɔe atu.


Elabena Kristo meyi ɖe kɔkɔeƒe, si wotso asi wɔe wònye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu la me o; ke dziƒo ŋutɔ wòyi, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta;


Gake nuwokatãtaƒola la menɔa nusi wowɔ kple asi la me o, abe alesi nyagblɔɖila gblɔ ene bena:


Eye amesiwo le eŋuti tom le yiyim la, do ɖiŋu nɛ hele ta ʋuʋum, eye wole gbɔgblɔm bena: Hoo na wò, wò amesi le mawuxɔ la gbãm, eye nègale etum le ŋkeke etɔ̃agbe la;


Eye esi néle ekpɔm la, kpea ɖe, si menye ame ƒe asie ɖae o la, ge va dze legbɔ la ƒe afɔ, si nye gayibɔ kple tsu la dzi, eye wògbae guduguɖu.


Elabena ékpɔ kpea ɖe, si ame ƒe asi meɖa o la, ge tso to dzi va gbã gayibɔ, akɔbli kple tsu, klosalo kple sika la. Mawu gã lae ɖe nusi gbɔna gbaɖegbe la fia fia la. Drɔ̃e la le eme, eye eƒe gɔmeɖeɖe le eteƒe.


Amesia gblɔ bena: Mate ŋu agba mawuxɔ la, eye magatui le ŋkeke etɔ̃agbe.


Eye amea ɖewo tsi tre, eye woɖi aʋatsoɖase ɖe eŋuti bena:


Eye ale woƒe ɖaseɖiɖi la hã mesɔ o.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite