Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 14:45 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

45 Eye esi wova la, enumake wote ɖe eŋu gblɔ bena: Rabi! eye wògbugbɔ nu nɛ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

45 Esi ameha la va ɖo teƒea teti ko la, Yuda Iskariɔt zɔ ɖe Yesu dzi hedo ɣli yɔe be, “Nufiala” eye wògbugbɔ nu nɛ.

Gade chapit la Kopi




Marko 14:45
10 Referans Kwoze  

Yesu gblɔ nɛ bena: Maria! Ke esi wòtrɔ eɖokui la, egblɔ nɛ le Hebri-gbe me bena: Rabuni! si gɔmee nye nufiala.


Ke nukaŋuti miele yɔyem bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, eye miewɔ nusiwo megblɔ na mi la dzi o mahã?


Eye esi wova la, wobiae bena: Nufiala, míenyae bena, nyateƒetɔ nènye, eye amea ɖeke ƒe nya meɖia wò o; elabena mèkpɔa ame ŋku me o; hafi boŋ nèle Mawu ƒe mɔ fiãm le nyateƒe nu. Woɖe mɔ bena, woana nudzodzo kaisaro loo, alo womeɖe mɔ oa? Ɖe miana loo, alo miana o mahã?


Vi ɖea bubu fofoa ŋu, eye kluvi dea bubu eƒe aƒetɔ ŋu mi nunɔla, siwo ɖoa vlo nye ŋkɔ la, ale Yehowa Zebaot gblɔ na mi enye si: Nenye Fofo menye la, afika nye bubu le, eye nenye Aƒetɔ menye la, afika vɔvɔ̃, si le ŋunye la le? Eye ne miegblɔ be: Nuka mietsɔ do vlo wò ŋkɔe ha la?


Nyitsu nyaa etoa, eye tedzi nyaa eƒe aƒetɔ ƒe lãto; ke Israel menyae o, eye nye dukɔ melé ŋku ɖe eŋu o.


Ke eyomemɔfiala ɖo dzesi ɖi na wo gblɔ bena: Amesi ke ƒe nu gbugbɔ ge mala la, eyae; milée, eye mikplɔe yi kɔ.


Ke woawo la wotsɔ woƒe asiwò ɖo edzi, eye wòlée.


Le esia me la nusrɔ̃lawo ɖe kuku nɛ gblɔ bena: Rabi, va ɖu nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite