Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 14:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Eye wòva zi etɔ̃lia gblɔ na wo bena: Miyi alɔ̃dɔdɔ dzi azɔ, eye migbɔ ɖe eme! Esɔ gbɔ, gaƒoƒo la ɖo vɔ! Kpɔ ɖa, woatsɔ Amegbetɔvi la ade nuvɔ̃wɔlawo si me.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

41 Etrɔ gbɔ va wo gbɔ zi etɔ̃lia eye wògblɔ na wo be, “Miegale alɔ̃dɔdɔ dzi le ɖiɖim ɖe emea? Esɔ gbɔ azɔ! Gaƒoƒo la de. Kpɔ ɖa, wode Amegbetɔ Vi la asi na nu vɔ̃ wɔlawo.

Gade chapit la Kopi




Marko 14:41
23 Referans Kwoze  

Eve wote yi ŋgɔ ʋee, eye wòdze klo tsyɔ mo anyi, eye wòdo gbe ɖa bena, ne ate ŋu ava me la, ne gaƒoƒo sia nato ye ŋu ayi.


Elabena efia nu eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na wo bena: Woade Amegbetɔvi la asi na amewo, eye woawui, eye ne wowui la, agatsi tre le ŋkeke etɔ̃agbe.


Nusiawo Yesu gblɔ, eye woti wu eƒe mo dzi kpɔ dziƒo, eye wògblɔ bena: Fofo, gaƒoƒo la de, kɔ Viwò la ŋuti, bena Viwò hã naka ŋutiwò.


Alo nyagblɔɖilawo dometɔ ka yome mia fofowo meti oa? Eye wowu amesiwo gblɔ nya ɖi le ame dzɔdzɔe la ƒe vava ŋuti, amesi ƒe yomemɔfialawo kple wulawo miawo miezu azɔ;


Fiti ko nye luʋɔ ʋuʋu kpẽkpẽkpẽ, eye aleke magblɔ? Fofo, ɖem tso gaƒoƒo sia me! Gake esia ta meva gaƒoƒo sia me ɖo.


Ke Yesu ɖo ŋu na wo gblɔ bena: Gaƒoƒo la ɖo vɔ bena, woakɔ Amegbetɔvi la ŋuti.


Egblɔ nya siawo le nunyuiedzraɖoƒe la, esi wòle nu fiãm le mawuƒe la me; eye amea ɖeke melée o, elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.


Tete wodi bena, yewoalée, eye amea ɖeke medo asi ɖe egbɔ o; elabena eƒe gaƒoƒo mede haɖe o.


Eye esi Wobɔbɔ nɔ anyi le nua ɖum la, Yesu gblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Mia dome ame ɖeka, si le nua ɖum kplim la, ladem asi.


Eye Yuda Iskariot, ame wuieveawo dometɔ ɖeka la, tɔ edzi yi ɖe nunɔlagãwo gbɔ, bena yeade eyama asi na wo.


Eye wògblɔ na wo bena: Mieɖe Mawu ƒe se la ɖa nyuie, bena mianyi mia ŋutɔwo ƒe kɔ.


Minyae bena, ŋkeke eve megbe la ŋutitoto la aɖo, eye woade Amegbetɔvi la asi, be woaklẽe ɖe ati ŋuti.


Israel ƒe aƒe, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Mia dome amesiame neyi, ne wòaɖasubɔ eƒe legbawo ko; ke emegbe la miava ɖo tom xoxo, eye miagatsɔ miaƒe vɔsanuwo kple miaƒe legbawo agblẽ ka ɖo na nye ŋkɔ kɔkɔe la azɔ o.


Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpui ŋkekewo me, eye nazɔ ɖe wò dzi ƒe toƒewo kple nusi wò ŋku kpɔ la nu; ke nyae be, Mawu le kplɔwò ge ava ʋɔnui le nusiawo katã ta.


Eye Elisa gblɔ na Israel-fia bena: Nya ka le mía kpli wò dome? Yi fofowò ƒe nyagblɔɖilawo kple dawo ƒe nyagblɔɖilawo gbɔ! Israel-fia ɖo ŋu bena: Kpao, elabena Yehowa yɔ fia etɔ̃ siawo, be wòatsɔ wo ade asi na Moabitɔwo.


Esi wòva fia la gbɔ la, fia la gblɔ nɛ bena: Mixa, mího aʋa yi Ramot le Gilead loo, alo mitasia? Eɖo ŋu nɛ bena: Ho yi, eye aɖu dzi! Elabena Yehowa atsɔe ade asi na fia.


Eye wòva me le ɣeɖota be, Eliya ɖe alɔme le wo ŋu gblɔ bena: Miɖo ɣli sesĩe ko, elabena mawue, ɖewohĩ ele ŋugble dem, eɖe kpɔ, alo eyi nugbe, alo ele alɔ dɔm, ne wòanya.


Miyi ɖado ɣli yɔ mawu, siwo mieha, ne woaxɔ na mi le miaƒe xaxaɣiwo me!


Eye esi wògatrɔ va la, egakpɔ wo le alɔ̃ me; elabena woƒe ŋkuwo dzi wɔ dɔ̃, eye womenya nya, si woaɖo eŋu nɛ o.


Mitsi tre, mina midzo! Kpɔ ɖa, amesi le yonyeme mɔ fiãm la, egogo!


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite