Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 14:38 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

38 Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, bena miagadze tetekpɔ me o! Gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

38 Minɔ ŋudzɔ, eye miado gbe ɖa be miage ɖe tetekpɔ me o. Gbɔgbɔ la le klalo, gake ŋutilã ya gbɔdzɔ.”

Gade chapit la Kopi




Marko 14:38
17 Referans Kwoze  

Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne miagadze telekpɔ me o; gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.


Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke ka dzi mia Aƒetɔ la ava o.


Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ le ɣeawo katã yi me kple gbedodoɖa, bena miate ŋu asi le nusiawo katã, siwo le eme va ge la nu, eye be míatsi tre ɖe Amegbetɔvi la ŋku me.


Ke esi wòɖo teƒea la, egblɔ na wo bena: Mido gbe ɖa bena, miagadze tetekpɔa me o.


eye wògblɔ na wo bena: Nukaŋuti miele alɔ̃ dɔm? Mitsi tre, ne míado gbe ɖa, bena miagadze tetekpɔ me o!


Elabena ŋutilã la dzroa nu ɖe Gbɔgbɔ la ŋuti, eye Gbɔgbɔ la ɖe ŋutilã la ŋuti; elabena esiawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋuti, bene miagawɔ nusiwo mielɔ̃na o.


Minɔ mo xexi, minɔ ŋudzɔ; elabena miaƒe adikãtɔ, Abosam, le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene;


Eye wògblɔ na wo bena: Nye luʋɔ le nu xam kakaka vaseɖe ku me; minɔ afisia, eye minɔ ŋudzɔ!


Minɔ ŋudzɔ, minɔ tsitre le xɔse me, miwo ŋutsu, eye mise ŋu!


Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienyã ŋkeke la alo gaƒoƒo la o.


Eye megakplɔ mi yi ɖe tetekpɔ me o; ke ɖe mi tso vɔ̃ɖitɔ la si me! Elabena tɔwòe nye fiaɖuƒe kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe yi ɖe mavɔmavɔ me. Amen.


Le esi nèlé nye dzidonya me ɖe asi ŋuti la, eyata nye hã malé wò ɖe asi le tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge, be woate amesiwo nɔa anyigba dzi akpɔ la me.


Eyaŋuti, nye lɔlɔ̃tɔwo, abe alesi mieɖoa to ɖaasi ene la, mitsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya wo mia ŋutɔwo miaƒe xɔxɔdɔ la; menye abe esime menɔ mia gbɔ ene la ɖeɖeko o, ke boŋ azɔ, esi nyemele mia gbɔ o la, miwɔe geɖe wu!


Eye wòva kpɔ wo wole alɔ̃ me, eye wògblɔ na Petro bena: Simon, alɔ̃ dɔm nèlea? Màte ŋu anɔ ŋudzɔ gaƒoƒo ɖeka oa?


Eye wògadzo yi ɖaɖo gbe ɖa, eye wògblɔ nya ma ke.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite