Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 14:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Eye wòƒo nu kple kakaɖedzi wu bena: Ne anɔ nam be, maku kpli wò hã la, nyemele nu gbe ge le gbewo akpɔ o. Nenema ke wo katã hã wogblɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Petro gblɔ kple kakaɖedzi be, “Gbeɖe, nyemagblẽ wò ɖi akpɔ o. Ne ehiã be maku kpli wò kura gɔ̃ hã la, malɔ̃ aku faa.” Nusrɔ̃la mamlɛawo hã ɖe adzɔgbe nenema ke.

Gade chapit la Kopi




Marko 14:31
17 Referans Kwoze  

Petro gblɔ ne bena: Aƒetɔ, nukaŋuti nyemate ŋu adze yowòme fifia o mahã? Matsɔ nye agbe aɖo anyi, ɖe tawò.


Tete dukɔ blibo la ɖo ŋu yoo bena: Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe. Eye Mose tsɔ dukɔ la ƒe nyawo va Mawu gbɔe.


Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma?


Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mo kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋuta si me wòle, ne eƒe azɔlime nato ma ɖeka o.


Amegbetɔ ƒe dãda abɔbɔe ɖe anyi, ke amesi bɔbɔ eɖokui ɖe anyi la ƒe asi asu bubu dzi.


Xɔlɔ̃ geɖe dzedze aʋlie; ke xɔlɔ̃a ɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.


Dada doa ŋgɔ na gbegblẽ, eye ɖokuidodoɖedzi na anyidzedze.


Xazael gblɔ be: Nuka wò dɔla, avũ, nye be, wòawɔ nu gã sia? Elisa gblɔ bena: Yehowa ɖee fiãm be, wòe le fia ɖu ge ɖe Aram dzi.


Elabena eƒe dziku nu mesena yina o, ke eƒe amenuveve nɔa anyi agbenɔɣi katã; fiẽ la avi dzɔna, ke ŋdi la aseyetsotso vaa aƒe.


ke amesi ke lagbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã magbe nu le eyama gbɔ le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Mele egblom na wò bena: Egbe ƒe zã sia me ke, hafi koklo naku atɔ zi eve la, agbe nu zi etɔ̃ le gbɔnye.


Eye wova ɖo teƒea ɖe, si ŋkɔ enye Getsemane; eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Mibɔbɔ nɔ afisia, vaseɖe esime mado gbe ɖa.


Ke woawo la wotee ɖe eŋu hele ebiam kple gbe sesĩe bena, ɖeko woaklãe ɖe ati ŋuti. Eye woƒe gbewo wu etɔ.


Farao gblɔ nɛ bena: Esi nèle gbɔnye la, nukae hiã wò, hafi nèle didim be, yeayi mia de? Eɖo ŋu bena: Naneke mehiãm o: gake ɖe mɔ nam ko.


Eye wogblɔ nɛ bena: Miate ŋui. Ke Yesu gblɔ na wo bena: Kplu, si ke nye ŋutɔ miano la, mianoe, eye mawutsi, si woatsɔ aɖe ta na nye ŋuta la, woatsɔ ade ta na mi;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite