Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 14:26 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye esi wodzi akpedaha vɔ la, woɖo go yi ɖe Amito la ŋu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

26 Le esia megbe la, wodzi ha, da akpe na Mawu eye wodo go yi Amito la dzi.

Gade chapit la Kopi




Marko 14:26
13 Referans Kwoze  

Eye le akpedahadzidzi vɔ megbe la wodo go yi ɖe Amito la ŋu.


Eye abe alesi wònɔa wɔwɔm ene la, edo go yi ɖe Amito la ŋu, eye nusrɔ̃lawo hã kplɔe ɖo.


Eye wodzi ha yeye le gbɔgblɔm bena: Wòe wòdze be, naxɔ agbalẽ la, eye naɖe eƒe nutrenuawo ɖa; elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle mí tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me hena Mawu,


Ne mia dome amea ɖe le fu kpem la, nedo gbe ɖa; ne amea ɖe kpɔ dzidzɔ la, nedzi kafukafuhawo.


Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.


Azɔ la alekee? Mado gbe ɖa kple gbɔgbɔ, ke mado gbe ɖa kple tamesusu hã; madzi ha kple gbɔgbɔ, ke madzi ha kple tamesusu hã.


Eye le zãtitina la Paulo kple Sila wole gbe dom ɖa, eye wodzi kafukafuhawo na Mawu, eye gatɔwo le to ɖom wo.


Eye esi wogogo Yerusalem, eye wova Betfage le Amito la ŋuti la, tete Yesu dɔ nusrɔ̃la eve


Vavã, vavã mele egblom na mi bena: Tso esia dzi la nyemegale weintsetsea ɖeke me tsi no ge o vaseɖe ŋkeke ma dzi, esime mano yeye le mawufiaɖuƒe la me.


Esi Yesu gblɔ esiawo vɔ la, eya kple eƒe nusrɔ̃lawo do go yi ɖatso Kidron-tɔʋu la, afisi abɔa ɖe le, si me eya kple eƒe nusrɔ̃lawo yi ɖo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite