17 Eye esi fiẽsi ɖo la, eya kple ame wuieveawo wova.
17 Le fiẽ me la, Yesu va ɖo kple nusrɔ̃la wuieveawo.
Eye esi gaƒoƒo la de la, ebɔbɔ nɔ anyi, eye apostoloawo kpe ɖe eŋuti.
Eye nusrɔ̃lawo dzo heyi, eye wova dua me, eye wokpɔe, abe alesi wògblɔ na wo la ene; eye wodzra ŋutitotolẽvi la ɖo.
Eye esi Wobɔbɔ nɔ anyi le nua ɖum la, Yesu gblɔ bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Mia dome ame ɖeka, si le nua ɖum kplim la, ladem asi.
Menye mi katã ŋuti mele egblɔm ɖo o; menya amesiwo metia, gake bena woawu ŋɔŋlɔ la nu bena: „Amesi le abolo ɖum kplim la, kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.“