Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 13:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Elabena dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, eye anyigbaʋuʋuwo lava teƒeteƒewo, eye dɔwuame lava; nusiawo nye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

8 Dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe atsi tsitre ɖe fiaɖuƒe ŋu, anyigba aʋuʋu le teƒe geɖewo, gawu la, dɔ ato le teƒe aɖewo, gake esiawo katã anye nu siwo do ŋɔ na fukpekpe gã siwo le vava ge la ko.”

Gade chapit la Kopi




Marko 13:8
21 Referans Kwoze  

Ke nenem nusiawo katã wonye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.


wogblɔ nɛ bena Ale Xizkiya gblɔ esi Egbe enye xaxa-, tohehe- kple vlodogbe. Elabena viwo ɖo dzidzɔ me, ke ŋusẽ meli woadzi wo o.


Esi wokpɔe la, woƒe nu ku, dzidzi ƒo wo, eye wosi.


Eye so bubua ɖe, si le dzie la, do go, eye amesi doe la, wona ŋusẽe, be wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi, bena woawu wo nɔewo, eye wotso yi gã ɖe asi nɛ.


Elabena ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo, abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene, eye womate ŋu asi le enu kulẽ o.


Eye wo dometɔ ɖeka, si ŋkɔ nye Agabo la, tsi tre, eye wòfia dzesi to Gbɔgbɔ la dzi bena, dɔwuame gãa ɖe le xexe blibo la katã me va ge, esia va ve me le kaisaro Klaudio ŋɔli.


Le ɣemaɣi la Yehowa ade ʋunyaʋunya gã wo dome, ale be amesiame alé ehavi ƒe alɔnu, eye amesiame akɔ asi dzi ɖe ehavi ŋu.


mamũ fiaɖuƒewo ƒe fiazikpuiwo aƒu anyi, eye miatsrɔ̃ dukɔwo ƒe fiaɖuƒe sesẽwo, mamũ tasiaɖamwo kple wo me nɔlawo aƒu anyi, sɔwo kple wo dolawo adze anyi, eye amesiame atsi ehavi ƒe yi nu.


Esi Babel-fia se nya le wo ŋu la, eƒe asiwò ɖo agblɔ, vɔvɔ̃ ɖoe, eye wose veve abe nyɔnu léku ene.


Damasko ƒe lãme tu, etrɔ hesi, eye dzidzi ƒoe; ŋɔdzi kple vevesese va edzi abe nyɔnu léku ene.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Kpɔ ɖa, dzɔgbevɔ̃e tso dukɔ gbɔ yi dukɔ gbɔ, eye wode zi ahom gã me le anyigba ƒe mlɔenu.


Wò amesi tso aƒe ɖe Libanon dzi, eye nèwɔ ato ɖe sedertiwo me, ne vevesese ƒo ɖe dziwo, eye nèlé ku abe nyɔnu, si le vi dzim ene la, aleke màhaɖe hũi o!


Aleke nagblɔ, nenye be etsɔ xɔ̃wò, siwo ƒe nu ma wò la, ɖo tatɔwo ɖe nuwo? Ɖe màlé ku abe nyɔnu, si le vi dzim la ene oa?


„Míese eŋu nya, míaƒe asiwò do agble, ŋɔdzi lé mí, eye míele ƒoƒom tititi abe nyɔnu léku ene.“


Eye mado avu na Egipte kple Egipte, nɔvi kple nɔvi, havi kple havi, du kple du, fiaɖuƒe kple fiaɖuƒe, ne woawo ana kple wo nɔewo.


Elabena mese ɣli abe nyɔnu, si le ku lém la tɔ ene, abe nyɔnu, si le vi ŋgɔgbea dzim la ƒe ŋɔdziɣli ene, mese Zion-nyɔnuvi, si le ŋeŋem hewu asi dzi la ƒe gbe be; Baba nam, elabena nye luʋɔ tsi amewulawo si!


Dukɔ kple dukɔ kpe, eye ɖu kple du kpe, elabena Mawu tsɔ hiã vovovowo do ŋɔdzi na wo.


Yehowa Zebaot atsɔ dziɖegbe kple anyigbaʋuʋu, gbeɖiɖi sesi, ya kple ahom kpakple dzoƒaɖe binu ahe to na wò.


Ke ne miase aʋawo kple aʋaŋutiɣliwo la, migaɖi vo o, ele be, esia nava me tsã; gake nuwuwu la meɖo haɖe o.


Ke miawo la mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi le ƒuƒoƒewo; eye míatsi tre ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ŋku me le tanye, be wòanye ɖaseɖiɖi na wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite