Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 13:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Tete wòadɔ eƒe dɔlawo ɖa, eye woaƒo ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso anyigba seƒe vaseɖe dziƒo seƒe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

27 Adɔ mawudɔlawo be woaƒo ame siwo katã nye etɔwo le xexe bliboa me la nu ƒu tso keke anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi va se ɖe dziƒo ƒe nuwuwu ke.

Gade chapit la Kopi




Marko 13:27
27 Referans Kwoze  

Eye megblɔ bena: Afika nèyina? Eɖo ŋu nam bena; Yerusalem dzidze ge meyina, ne niakpɔ alesi wòkeke kple alesi wòdidii.


Eye wòado eƒe dolawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi gãa ɖe, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒogo ɖeka dzi vaseɖe go keme dzi.


Ne miekaka ɖase dziƒo seƒe ke hã, Yehowa aƒo mia nu ƒu tso afima, eye wòakplɔ mi tso afima.


Ke míele kuku dem na mi, nɔviwo, le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe vava kple mia ƒuƒoƒo de eyama gbã la ŋuti,


Eye wòva ve me bena, ame dahe la ku, eye mawudɔlawo tsɔe yi ɖada ɖe Abraham akɔnu; eye kesinɔtɔ la hã ku, eye woɖii.


Eye ne menye bena, ɖe Aƒetɔ la ɖe ŋkekeawo dzi o la, ŋutilãa ɖeke makpɔ ɖeɖe o; gake le ame tiatia, siwo wotia ŋuti la, eɖe ŋkekeawo dzi.


Amegbetɔvi la ladɔ eƒe dɔlawo ɖa, exe woaƒo amenuɖianuwo katã kple amesiwo le nu madzɔmadzɔ wɔm la, nu ƒu tso eƒe fiaɖuƒe la me,


le Mawu Fofo la ƒe nunyanyaɖi la nu le Gbɔgbɔ ƒe kɔkɔewɔwɔ me hena toɖoɖo kple Yesu Kristo ƒe ʋuhehlẽ: Amenuveve kple ŋutifafa nasɔ gbɔ ɖe dzi na mi!


Eyata medoa dzi le nuwo katã me ɖe ame tiatiawo ta, bene woawo hã ƒe asi nasu xɔxɔ, si le Kristo Yesu me, kple ŋutikɔkɔe mavɔmavɔ la dzi.


Eyata esi míenye Mawu ƒe ame tiatiawo kple ame kɔkɔewo kpakple lɔlɔ̃viwo ŋuti la, mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu,


Amekae atso Mawu ƒe ame tiatiawo nu mahã? Mawue nye afiatsola;


eye menye de dukɔ la ta ɖeɖeko o, ke boŋ, bena wòaƒo mawuvi, siwo kaka la, nu ƒu ɖekae.


Eye alé bubuwo le asinye, siwo metso alẽxɔ sia me o, eye ele nam be, makplɔ woawo hã, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka kple alẽkplɔla ɖeka.


Ke ɖe Mawu maɖe eƒe ame tiatia, siwo le ɣli ɖom nɛ ŋkeke kple zã, eye magbɔ dzi ɖi na wo o mahã?


Ke aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo latsi tre, eye woawɔ dzesi wo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, ne woaflu ame tiatiawo hã.


Elabena aʋatsokristowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo atsi tre, eye woafia dzesi gãwo kple nukunuwo bena, ne woate ŋui la, woaflu ame tiatiawo hã.


Eye ne womeɖe ŋkeke mawo dzi o la, ekema ŋutilãa ɖeke makpɔ ɖeɖe o; ke le ame tiatiawo ta woaɖe ŋkeke mawo dzi.


Nenema ke wòanɔ le xexeame ƒe nuwuwu; mawudɔlawo lado go, eye woamã ame vɔ̃ɖiwo tso ame dzɔdzɔewo gbɔ;


Dziehe-fianyɔnu la atsi tre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kple nenem dzidzime sia, eye wòabu fɔe; elabena etso keke anyigba seƒe ke va Salomo ƒe nunya se ge; eye kpɔ ɖa, amesi wu Salomo la, le aɖi!


eye mana ƒome nado tso Yakob me, eye nye towo ƒe domenyila natso Yuda me; nye ame tiatiawo anyi edome, eye nye dɔlawo anɔ afima.


Atamkayi magbe Yuda si nanɔ o, eye womede fiatikplɔ da le ekɔme o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye nava; amesi dukɔwo ana tae.


Ke misrɔ̃ lododo la le gboti la ŋuti: Ne tsi ɖo eƒe alɔwo me, eye wòto aŋgbawo la, ekema midze sii bena, dzomeŋɔli le ɖoɖo ge;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite