Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 13:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ele xɔtutu gã siawo kpɔm mahã? Womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi, si womatu asii aƒu anyi o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

2 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Èkpɔ xɔ gã siawoa? Mele egblɔm na mi be wole wo gbã ge gudugudu, eye kpe ɖeka pɛ hã masusɔ ɖe nɔvia dzi o.”

Gade chapit la Kopi




Marko 13:2
10 Referans Kwoze  

Nusiawo, siwo ke kpɔm miele la, ŋkekewo gbɔna, le esiwo me womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi, si womatu asii aƒu anyi o.


Ke eɖo eŋu gblɔ na wo bena: Ɖe miele nusiawo katã kpɔma? Vavã mele egblɔm na mi bena: Womele kpe gblẽ ge ɖe kpea ɖeke dzi le abi, si womatu asii aƒu anyi o.


Eyata le mia ta woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo, eye gbedoxɔ ƒe to azu togbɛ toave.


Mixa, Morasitɔ la, gblɔ, nya ɖi le Yuda-fia Xizkiya ŋɔli, eye wògblɔ na Yuda-dukɔ blibo lã bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu anyiglãgo, eye gbedoxɔ ƒe togbɛ la azu togbɛ toave.


Eye naɖe xɔxɔnu, si le gbedoxɔa ŋu la, le eme, eye megadzidzee o; elabena wotsɔe na trɔ̃subɔlawo, eye woanya avuzi le du kɔkɔe la dzi ɣleti blane vo eve sɔŋ.


elabena miese wògblɔ bena: Yesu, Nazaretetɔ sia lagblẽ teƒe sia, eye wòaɖuɖɔ kɔnuwɔwɔ, siwo Mose tsa de asi na mí.


Le kwiasiɖa blaade vɔ eve megbe la woatsrɔ̃ amesiamina la fɔmaɖimaɖii, eye amegã, si le vava ge la ƒe dukɔ agbã du la kple kɔkɔeƒe la, eye enu ayi abe tɔsisie kplɔe dzoe ene; aʋawɔwɔ kple aƒedo ana anyi vaseɖe nuwuwu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite