Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 13:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke gbesigbe miakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɖi la, wòanɔ tsitre ɖe afisi mele nɛ be, wòatsi tre ɖo o la — amesi le exlẽm la, nèse egɔme — ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi;

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

14 “Nenye be miekpɔ ŋunyɔnu si gbãa aƒe wòle tsitre ɖe afi si mele be wòanɔ o la, nɔvi nuxlẽla, se egɔme ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi.

Gade chapit la Kopi




Marko 13:14
14 Referans Kwoze  

Tso ɣeyiɣi, si dzi wotsi gbesiagbe vɔsa nu, eye wodo ŋunyɔnu, si teƒe mekɔ o anyi la, le ŋkeke akpe ɖeke alafa eve kple blaasieke.


Abla nu sesẽ kple ame geɖewo kwasiɖa ɖeka, eye le kwasiɖa afã me la atsi akpeɖavɔsa kple nuɖuvɔsa nu, eye ŋunyɔ, si mele gbɔgblɔ me o la, axɔ ɖe wo teƒe vaseɖe nuwuwu, si woɖo; emegbe woatrɔ gbegblẽ aƒo ɖe nugblẽla dzi.


Aɖo aʋakɔ ɖa, wòava gblẽ kɔ ɖo na mɔ̃ sesẽ kɔkɔe la, woatsi gbesiagbe vɔsa nu, eye woaɖo ŋunyɔnu, si teƒe mekɔ o la anyi.


Afii nunya le! Amesi ke si gɔmesese le la, nèbu lã la ƒe xexlẽme kpɔ; elabena ame ƒe xexlẽme wònye, eye eƒe xexlẽme enye alafa ade kple blaade vɔ ade.


Woayra amesi le nyagblɔɖi sia ƒe nyawo xlẽm kple amesiwo le wo sem, eye wole nusiwo woŋlɔ ɖe eme la, dzram ɖo; elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.


Nɔvinyewo, migazu viwo le nyasã me o, ke mizu vidzĩewo le nu tovo wɔwɔ me boŋ, ke nyasã me la mizu ame tsitsiwo.


Eye mese ame kɔkɔea ɖe le nu ƒom; ame kɔkɔe la bia amea ɖe gblɔ bena: Ɣekaɣle gbesiagbe vɔsa kple nugblẽla ƒe nu vɔ̃di wɔwɔ, si va me le ŋutega me, be wotsɔ kɔkɔeƒe la kple aʋakɔwo na wofanya la, ava se ɖo?


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Amedzro, siwo nye bolotɔwo, wometso dziʋa hã na wo o, amedzro, siwo katã le Israel-viwo dome la dometɔa ɖeke megava nye kɔkɔeƒe la o;


Futɔ la do asi ɖe eƒe nu veviwo katã ŋu; elabena ekpɔ ɖukɔ, siwo nèɖe se na be, womegava wò amehawo ɖome o la, woge ɖe eƒe kɔkɔeƒe la.


Yesu gblɔ na wo bena: Ɖe miese nusiawo katã gɔmea? Wogblɔ ne bena: Ẽ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite