Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 12:40 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 amesiwo mia ahosiwo ƒe aƒewo, eye wodaa alakpa nɔa gbe didiwo dom ɖa; amesiawo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le sesẽ ge awu.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

40 Woxɔa ahosiwo ƒe aƒewo le wo si, eye wodoa kpɔkpɔ wo ɖokuiwo to gbe didiwo dodo ɖa me. Ame siawo tɔgbi axɔ tohehe sesẽtɔ.”

Gade chapit la Kopi




Marko 12:40
13 Referans Kwoze  

amesiwo mia ahosiwo ƒe aƒewo, eye wodaa alakpa nɔa gbe ɖiɖiwo dom ɖa; amesiawo laxɔ fɔbubu sesẽtɔ awu.


Dawo, ƒliwo ƒe dzidzimewo! Aleke miawɔ asi atso dzomavɔʋe ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu mahã?


Ke baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, bena mietua dziƒofiaɖuƒe la ɖe amewo nu; elabena mia ŋutɔwo mieyina ɖe eme o, eye amesiwo le yiyim ɖe eme hã la, mieɖea mɔ na wo be, woayi o.


Ke ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyatsinyatsi abe trɔ̃subɔlawo ene o; elabena wobu xa bena, le yewoƒe nya geɖe gbɔgblɔ ŋuti la woaɖo to yewo.


Elabena amesiawo dome amea ɖewo li, siwo gena ɖe aƒewo me dzaa, eye woɖea aboyo nyɔnu abunetɔ, siwo yɔ fũ kple nuvɔ̃wɔwɔ, eye nudzodzro bubu ƒomevi geɖewo kplɔa wo yinɛ,


Eƒe nyagblɔɖilawo ɖoa gbe ɖi le eme, wole abe dzata, si le gbe tem hele nu vuvum ene, woɖua amewo, wolɔa kesinɔnuwo kple nu veviwo dzonɛ, eye wonana ahosiwo sɔgbɔna le eme.


Ne agble dzro wo la, woxɔnɛ; ne xɔ dzro wo la, wodaa adzoe, eye woɖua sesẽnu le aƒe kple aƒetɔ si, le ŋu-tsu kple eƒe domenyinu si.


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena miemia ahosiwo ƒe aƒewo, eye miedaa alakpa nɔa gbe didiwo dom ɖa.


kple nɔƒe gbãlɔwo nɔnɔ le ƒuƒoƒewo kple kplɔ̃tanɔnɔ le nuɖuƒewo;


Elabena ne amea ɖe wɔ mi kluviwo, ne amea ɖe ɖu mi keŋ, ne amea ɖe lé mi, ne amea ɖe do eɖokui ɖe dzi, ne amea ɖe ƒo mo na mi la, miedoa dzi tsɔnɛ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite