Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 12:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Evelia nye esia bena: Nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene. Se bubua ɖeke meli, si lolo wu esiawo o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

31 Se eveliae nye, ‘Lɔ̃ hawòvi abe ale si nèlɔ̃a ɖokuiwòe ene.’ Le nyateƒe me la, Se bubu aɖeke megali si le vevie wu esiawo o.”

Gade chapit la Kopi




Marko 12:31
15 Referans Kwoze  

Eye evelia, si ɖii la, enye bena: „Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.“


Megawɔ wɔɖenui o, eye megalé dɔmedzoe, si wò dukɔ me viwo do na wò la, ɖi o; ke boŋ nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene. Nyee nye Yehowa!


Eye wòɖo ŋu nɛ bena: Nalɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo kple wò tamesusu blibo, kpakple hawòvi, abe alesi nèlɔ̃a wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.


Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo; elabena esia enye se la kple nyagblɔɖilawo.


Elabena wowu se blibo la katã nu le nya ɖeka me, le esia me be: „Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.“


Eye miexɔ se sia tso egbɔ bena, amesi ke lɔ̃a Mawu la, nelɔ̃ nɔvia hã.


Megate hawòvi ɖe anyi o, eye megada adzoe o. Megana agbatedɔwɔla ƒe fetu natsi gbɔwò ŋu nake ɖe edzi o.


Eye agbalẽfiala la gblɔ nɛ bena: Nufiala, ègblɔe nyuie le nyateƒe nu bena: Ɖeka eli, eye bubua ɖeke meli o, negbe eya ko;


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite