Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 12:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Yesu ɖo eŋu bena: Gbãtɔ enye: Israel, ɖo to, Aƒetɔ, miaƒe Mawu la, Aƒetɔ ɖeka wònye.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

29 Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Se siae nye esi gblɔ be, ‘Israel see! Aƒetɔ mía Mawu la, Aƒetɔ ɖeka hɔ̃ɔ ko wònye.

Gade chapit la Kopi




Marko 12:29
16 Referans Kwoze  

Israel, see, Yehowa, mía Mawu la, Yehowa ɖeka koe!


Eye wòɖo ŋu nɛ bena: Nalɔ̃ Aƒetɔ, wò Mawu, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò ŋusẽ blibo kple wò tamesusu blibo, kpakple hawòvi, abe alesi nèlɔ̃a wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.


Ke avuléla menye ame ɖeka to o, ke Mawu la eya ɖekae.


elabena Mawu ɖekae nye amesi tso afia na aʋatsotsotɔwo tso xɔse me kple aʋamatsomatsotɔwo tso xɔse me.


Mawu ɖeka hɔ̃ ko kple mía xɔla, to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la dzi la, etɔ nanye kafukafu kple gãnyenye kple dziɖuɖu kple ŋusẽ azɔ kple ɖaasi tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen!


Azɔ mienya le trɔ̃wo ƒe vɔsawo ɖuɖu la ŋuti bena, trɔ̃a ɖeke mele xexe sia me o, eye bena, mawu bubua ɖeke hã meli o, negbe ɖeka hã koe li.


Wò la èxɔnɛ sena bena, Mawu ɖekae li; èwɔe nyuie; gbɔgbɔ vɔ̃wo hã xɔnɛ sena, eye wodzona nyanyanya.


Elabena Mawu ɖeka kple avuléla ɖeka, si le Mawu kple amewo dome, si nye ame Kristo Yesu la koe li,


Eye Yehowa, wò Mawua atso aʋa na mia kple wò dzidzimeviwo ƒe dziwo, bena mialɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me, ne miano agbe.


Ke sedede ƒe nuwuwu enye lɔlɔ̃, si tso dzi dzadzɛ kple dzitsinya nyui kpakple xɔse, si me alakpaa ɖeke mele o la me;


Eye migayɔ amea ɖeke be mia fofo le anyigba dzi o; elabena ame ɖekae nye mia fofo, eyae le dziƒo.


Amesi ke lɔ̃a fofo alo dada wum la, eya medzem o.


Eyata Israel, Yehowa, wò Mawu la, mele naneke dim tso asiwò o, negbe esia ko be, nava Yehowa, wò Mawu la, eye nazɔ eƒe mɔwo katã dzi, nalɔ̃e, eye nasubɔ Yehowa, wò Mawu la, tso wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo me;


Vinye, tsɔ wò dzi nam, eye nye mɔwo nedze wò ŋkuwo ŋu.


Elabena èlolo, eye nèwɔa nukunuwo; wò ɖeɖe koe nye Mawu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite