Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 12:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Eye agbalẽfialawo dometɔ ɖeka va, amesi se woƒe nusesẽwɔwɔ la; esi wonyae bena, eɖo ŋu na wo nyuie la, ebiae bena: Seawo katã dome la kae nye gbãtɔ mahã?

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

28 Agbalẽfialawo dometɔ ɖeka si nɔ tsitre ɖe afi ma, nɔ to ɖom nya si ʋlim wonɔ la do dzesii be, Yesu ɖo nya la ŋu nyuie, eya ta ebiae be, “Se kae nye vevitɔ wu le seawo katã dome?”

Gade chapit la Kopi




Marko 12:28
8 Referans Kwoze  

Eye agbalẽfialawo dometɔa ɖewo xɔ edzi gblɔ bena: Nufiala, ègblɔe nyuie.


Eye wòbena: Kawoe? Yesu gblɔ nɛ bena: Megawu ame o. Megawɔ ahasi o. Megafi fi o; Megaɖi aʋatsoɖase o.


Eyaŋuti amesi ke tu nenem se siawo dome suetɔ ɖeka, eye wòfia amewo nenema la, woayɔe be wo katã ƒe suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me; ke amesi ke wɔ edzi, eye wòfia amewo la, woayɔ eyama be gã le dziƒofiaɖuƒe la me.


Ke baba na mi farisitɔwo! Elabena mienaa ahamee kple ƒãglo kpakple ama bubu ƒomeviwo katã ƒe ewolia, eye mietoa ʋɔnudɔdrɔ̃ kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋuti; ke esiawo le be, miawo, eye miagagblẽ ekeme hã ɖi mawɔmawɔ o.


Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo, elabena miena ahame, sikɔni kple tsyo ƒe memamã ewolia, eye miegblẽ nusiwo le kpekpem wu le sedede la me: ʋɔnudɔdrɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ kple xɔse la ɖi; ke esiawo le bena, miawɔ, eye miagagblẽ ekemeawo ɖi mawɔmawɔ o.


Eye esi wòva nusrɔ̃lawo gbɔ la, ekpɔ ameha gãa ɖe ƒo xlã wo, eye agbalẽfialawo le nu sẽm kpli wo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite