Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 11:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eye Yesu xa dzi gblɔ na wo bena: Mawu dzi xɔse nenɔ mia si!

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

22 Yesu ɖo eŋu be, “Mixɔ Mawu dzi se.

Gade chapit la Kopi




Marko 11:22
10 Referans Kwoze  

Nya xɔname, nye bubu kple nye ŋusẽ ƒe aga le Mawu gbɔ, eye Mawu me nye sitsoƒe le.


Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o; mixɔ Mawu dzi se, eye mixɔ nye hã dzinye se.


Eye Yesu gblɔ nɛ bena: Ne ate ŋui! Amesi xɔe se la, ate ŋu awɔ nusianu.


Efrayim ƒe ta enye Samaria, eye Samaria ƒe ta enye Remalya vi. Ne miexɔe se o la, ekema mianɔ te hã o!


Eye wòfɔ ŋdi kanya heho ɖo ta Tekoa-gbedzi. Esi woho la, Yosafat tsi tre ɖi gblɔ bena: Miɖo tom, mi Yuda kple Yerusalemtɔwo! Ne miexɔ Yehowa, mia Mawu dzi se la, ekema mianɔ te, eye ne miexɔ eƒe nyagblɔɖilawo dzi se la, ekema adze edzi na mi!


Paulo, Mawu ƒe dɔla kple Yesu Kristo ƒe apostolo le Mawu ƒe ame tiatiawo ƒe xɔse kple nyateƒe ƒe sidzedze, si le mawusosroɖa me la nu,


eye woɖi mi kpakplii le mawutsidedetaname me, amesi me wofɔ mi ɖe tsitre hã le to Mawu, si fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe ŋusẽdɔwɔwɔ dzixɔse la me.


Ke egblɔ na wo bena: Le miaƒe xɔse ʋee ŋutie; elabena vava mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si abe logoku ene la, miagblɔ na to sia bena: Te ɖa tso afisia nayi afime, eye ate ayi, eye naneke mele miaƒe ŋutete wu ge o.


Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Ne xɔse le mia si, eye mieke ɖi o la, ekema menye nusi wɔ gboti la ɖeɖeko miawɔ o; ke boŋ ne miagblɔ na to sia hã bena: Ho, ne nayi aɖadze ƒu me la, ava ve me.


Tete wògblɔ bena: Va! Eye esi Petro ɖi le ʋua me la, ezɔ tsia dzi va Yesu gbɔ.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite