Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 11:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Eye wòfia nu gblɔ na wo bena: Alo womeŋlɔ ɖi bena: Woayɔ nye aƒe la be gbedoxɔ na dukɔwo katã oa? Ke miawo la mietsɔe wɔ adzodalawo ƒe ɖoe.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

17 Egay eƒe nufiafia dzi hegblɔ na ameawo be, “Ɖe womeŋlɔe ɖi be, ‘Nye gbedoxɔ anye gbedoɖaƒe na dukɔwo katã oa’? Gake miawo mietsɔe wɔ ‘fiafitɔwo ƒe nɔƒee.’ ”

Gade chapit la Kopi




Marko 11:17
9 Referans Kwoze  

mana woade nye to kɔkɔe la gbɔ, eye mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me. Woƒe numevɔsawo kple woƒe akpedavɔsawo adze ŋunye le nye vɔsamlekpui dzi; elabena woayɔ nye aƒe be: Dukɔwo katã ƒe gbedoxɔ.


Ɖe aƒe sia, si ŋu woyɔa nye ŋkɔ ɖo la, zu adzodalawo ƒe do le mia ŋku mea? Yehowa be: Nye hã mekpɔe!


gblɔ na wo bena: Woŋlɔ ɖi bena: „Eye nye aƒe la lanye gbedoxɔ; ɖee mia wo miewɔe adzodalawo ƒe do.“


eye wògblɔ na amesiwo le akpakpawo dzram la bena: Mitsɔ nusiawo dzoe le afisia, eye migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wo nudzraƒee o!


Ke wò la trɔ de wò Mawu ŋu; dzra lɔlɔ̃ kple se la do, eye naɖo dzi de wò Mawu ŋu ɖaa!


Kedar ƒe lãhawo katã aƒo ƒu ɖe ŋuwò, eye Nebayot ƒe agbowo asubɔ wò; woava nye vɔsamlekpui dzi, ne woadze ŋunye, eye mawɔ leke na nye atsyɔ̃xɔ la.


Eye meɖe mɔ bena, amea ɖeke netso goe ato mawuƒe la me o.


Eye wòkpɔ amesiwo le nyiwo kple alẽwo kple akpakpawo dzram kpakple amesiwo le ga ɖuɖɔm la bɔbɔ nɔ anyi le mawuƒe la me.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite