Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 11:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye esi wòkpɔ gbotia ɖe le adzɔge, si dzi aŋgbawo le la, eyi bena ɖewohĩ yeakpɔ nane le edzi; eye esi wote ɖe eŋu la, mekpɔ naneke o, negbe aŋgbawo ko, elabena gbotiwo tseɣi meɖo haɖe o.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

13 Ekpɔ gboti aɖe si da ama ŋutɔ, ale wòte ɖe eŋu be yeakpɔ kutsetse aɖe le edzi hã, gake aŋgbawo koe nɔ ati la dzi, elabena eƒe kutseɣi meɖo o.

Gade chapit la Kopi




Marko 11:13
10 Referans Kwoze  

Eye esi wòkpɔ gbotia ɖe le ma to la, ete ɖe eŋuti, ke mekpɔ naneke le edzi o, negbe aŋgbawo ko, eye wògblɔ nɛ bena: Tso esia dzi yina la megale tsetse ge halase tegbetegbe o. Eye enumake gboti la yrɔ sũ.


Elabena Israel ƒe aƒe lae nye Yehowa Zebaot ƒe weingble, eye Yuda ŋutsuwo nye eƒe dzidzɔkpɔkpɔ ƒe nudodowo: ekpɔ mɔ na afiatsotso, ke ʋukɔkɔɖie li; ekpɔ mɔ na nu dzɔdzɔe wɔwɔ, ke konyifafae li.


Ke eva ve me bena, mawununɔlaa ɖe va to mɔ ma yina, eye esi wòkpɔe la, eto eŋu heyi.


Eye ne miekpɔ bena, ele aƒemɔ ɖo ta Bet-Semes la, ekema eyae he dzɔgbevɔ̃e gã sia va mía dzi; ke ne mele alea o la, ekema míanyae bena, menye eƒe asie va mia dzi o, ke boŋ nua ɖe ƒomevie wɔ mí.


Tete wòyi ɖafɔe le agble me le nuxalawo yome; eye nanetɔe agble la nye Boas, si tso Elimelex-ƒomea me la tɔ.


Edzobo eme, eɖe kpewo le eme, eye wòdo weinka nyuitɔwo ɖe eme, etu xɔ tsrala ɖe etitina, ekpa weinfiãnu hã da ɖe eme hele mɔ kpɔm be, atse weintsetsewo; ke etse ʋukatsetsewo.


Eye esi ŋu ke wodo go tso Betania la, dɔ wui.


Eye wòde asi gbɔgblɔ me nɛ bena; Tso esia dzi yina la amea ɖeke maɖu wò kutsetsea ɖeke o halase tegbetegbe. Eye eƒe nusiawo see.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite