Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 10:50 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

50 Ke esi wòɖe eƒe awu ƒu gbe la, etso hiã va Yesu gbɔ.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

50 Eɖe eƒe awu ƒu gbe, eye wòɖe abla dzidzɔtɔe va do ɖe Yesu gbɔ.

Gade chapit la Kopi




Marko 10:50
5 Referans Kwoze  

Eyata miawo hã, esi ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ ƒo xlã mí la, mina miaɖe nu kpekpe sia nu kpekpe kple nuvɔ̃, si ɖea to ɖe mi la ɖa, eye mina miatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi,


Ke esi wòle tsa ɖim le Galilea-ƒua nu la, ekpɔ nɔviŋutsu eve, Simon, si woyɔna be Petro, kple nɔvia Andrea, wole asabu dam ɖe ƒua me: elabena tɔƒodelawo wonye.


Tete Yesu tɔ ɖe tsitre gblɔ bena: Miyɔe ɖa. Eye esi woyɔ ŋkuagbãtɔ la la, wogblɔ nɛ bena: Na wò dzi nadze eme! Tsi tre, ele yɔwòm.


Eye Yesu xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Nuka dim nèle be, mawɔ na wòa? Eye ŋkuagbãtɔ la gblɔ nɛ bena: Rabuni, bena makpɔ nu.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite