Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 10:41 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Eye esi ame ewo la see la, ede asi dɔmeveve me na wo le Yakobo kple Yohanes ŋuti.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

41 Nusrɔ̃la ewo mamlɛawo se nya si Yakobo kple Yohanes ɖabia Yesu, ale wodo dɔmedzoe ɖe wo ŋu vevie.

Gade chapit la Kopi




Marko 10:41
9 Referans Kwoze  

migawɔ naneke le dzrewɔwɔ alo bubu dzodzro ta o, ke boŋ mia dome amesiame natso ɖokuibɔbɔ abu nɔvia gã wu ye ŋutɔ ɖokui;


Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu!


Dadala dzre sɔŋ ko wòhena vɛ; ke nunya le emesiwo nana woɖoa aɖaŋu na wo la dome.


Alo ɖe míebuna bena, ŋɔŋlɔ la ƒoa nu dzodzro bena: Gbɔgbɔ, si wòna wòdzra nɔƒe ɖo le mia me la, le edzrom kple ŋuʋaʋã?


Ke dzre hã ɖo wo dome bena, yewo dometɔ kae nye gãtɔ mahã?


Ke esi ame ewo la see la, eve dɔme na wo ɖe nɔvi eveawo ŋuti.


Eye Yesu ya wo va egbɔ gblɔ na wo bena; Mienyae bena, amesiwo ŋu bubu le bena, woaɖu dukɔwo dzi la, woawoe ɖua aƒetɔ ɖe wo dzi, eye woƒe amegãwo kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi.


Eye wògblɔ na wo bena: Dukɔwo ƒe fiawo ɖu aƒetɔwo ɖe wo dzi, eye amesiwo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la, woyɔ wo bena amenuvelawo.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite