Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 10:35 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

35 Eye Yakobo kple Yohanes, siwo nye Zebedeo viwo la, va egbɔ gblɔ nɛ bena: Nufiala, miele didim bena, nusi ke míabia wò la, nawɔe na mí.

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

35 Azɔ Yakobo kple Yohanes, Zebedeo ƒe viwo va egbɔ, va do dalĩ nɛ be, “Aƒetɔ, míedi be nàwɔ nane na mí.”

Gade chapit la Kopi




Marko 10:35
10 Referans Kwoze  

Eye wòɖe Petro, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye dzidzi ƒoe, eye wòde asi dzodzo me nyanyanya.


Eye mede mɔ na amea ɖeke be, wòadze eyome o, negbe Petro kple Yakobo kple Yohanes, Yakobo nɔvi la ko.


Eye wògblɔ bena: Mabia nu via ɖe tso asiwò, eye megatem o. Fia la ɖo ŋu nɛ bena: Danye bia, elabena nyemele tewò ge o.


Azɔ mabia nu ɖeka tso asiwò, eye megatem o. Eɖo ŋu nɛ bena: Ƒo nu!


Ŋkeke ade megbe la Yesu ɖe Petro, Yakobo kple Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wòkplɔ wo yi to kɔkɔa ɖe dzi, woawo ɖeɖe; eye eƒe nɔnɔme trɔ le woƒe ŋku me,


Ke esi wòdzo le afima te yi ŋgɔ la, ekpɔ nɔviŋutsu bubu eve, Yakobo, si nye Zebedeo vi, kple nɔvia Yohanes, wole ʋu me kple wo fofo Zebedeo hele woƒe aɣliwo sam, eye wòyɔ wo.


Eye wògblɔ na wo bena: Nuka dim miele be, mawo na mi mahã?


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite