Biblia Todo Logo
Bib sou entènèt

- Piblisite -




Marko 10:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Eye esi wole mo dzi yina Yerusalem la, Yesu dze wo ŋgɔ, eye woƒe mo wɔ yaa, ke amesiwo dze eyome la, wovɔ̃. Eye esi wògayɔ ame wuieveawo va egbɔe la, ede asi nusiwo le edzi va ge la, gbɔgblɔ me na wo bena:

Gade chapit la Kopi

Agbenya La

32 Esi wodze mɔ yina Yerusalem la, Yesu do ŋgɔ na eƒe nusrɔ̃lawo. Nusrɔ̃lawo ƒe mo wɔ yaa, eye vɔvɔ̃ ɖo ame siwo hã nɔ eyome. Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo ɖe kpɔe, eye wògagblɔ nu siwo katã ava dzɔ ɖe edzi ne woɖo Yerusalem la na wo:

Gade chapit la Kopi




Marko 10:32
12 Referans Kwoze  

Ke eva ve me, esime ŋkekeawo le enu wu ge be, woakɔe ayi dziƒo la, eya ŋutɔ tsɔ eƒe ŋku ɖo Yerusalem yiyi dzi;


Tete Toma, si woyɔna be Venɔvi la, gblɔ na nɔvia nusrɔ̃lawo bena: Mina, ne miawo hã míayi, bena miaku kpakplii.


Nusiawo gblɔ ne bena: Rabi, nyitsɔ laa Yudatɔwo ɖi be, yewoaƒu kpe wò, eye nègale afima yi gea?


Eye wòtrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe ŋu gblɔ bena: Woayra ŋku, siwo le nusiwo kpɔm miele la kpɔm;


Eye ne menye lododowo o la, meƒoa nu na wo o; ke ne eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe woli la, eɖea nuwo katã gome fia wo.


Eye wòxɔ edzi gblɔ na wo bena: Elabena miawo la, wona mi bena, mianya dziƒofiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo, ke woawo la, womèna wo o.


Wò nunɔlagã Yosua kple xɔ̃wò, siwo bɔbɔ nɔ gbɔwò la, misee; elabena ŋutsu, slwò nye kpɔdzidze la wonye. Elabena mele nana ge nye dɔla Zemax nava.


Le ɣemaɣi me la Yesu ɖo ŋu gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba dzi Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe woawo fia vidzĩewo;


Eye wòwɔ nuku na wo katã, nenem bena, wobia wo nɔewo bena: Nuka enye esia? Nufiafia yeye! Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ makɔmakɔwo, eye woɖoa toe.


Eye esi wògblɔ esiawo la, edze ŋgɔ yina Yerusalem.


Swiv nou:

Piblisite


Piblisite